Nyagblɔla 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ le ŋuɖeɖi le nuƒoƒo me ŋu. 1 Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee. 2 Afisi kutrikuku geɖe le la, drɔ̃ekuku noa anyi, eye nu kpoloe ƒoƒo ɖea ha bometsilawo. 3 Ne èɖe adzagba na Mawu la, megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena bometsilawo ƒe nu medzea eŋuo; alesi nèɖe adzɔgbe la, wɔe. 4 Ne méɖe adzɔgbe kura o la, enye wu esi naɖe adzɔgbe, eye mãwɔ edzi o. 5 Megaɖe mɔ da wò nu, ne wòahe wò ŋutilã aɖe nuvɔ̃ me o, eye megagblɔ le Mawu ƒe tame ɖɔɖɔ ŋku me be, ɖe woge le ye nu o. Nukaŋuti Mawu aɖo dɔmedzoe ɖe wò nuƒoƒo ŋu, eye wòagblẽ wò asinudɔwɔwɔa? 6 Elabena tofloko geɖe le ɖrɔ̃ekuku kple nu kpoloe ƒoƒo geɖe me. Ke wò la vɔ̃ Mawu boŋ! Kesinɔnuwo ƒe dzodzronyenye. 7 Ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔanyenyetsitsri kpɔm le anyigba dzi la, nya la megawɔ nuku na wò o; elabena ame kɔkɔ le ame kɔkɔ ŋuti dzɔm, ke kɔkɔtɔ le wo katã nu. 8 Le afiawo katã la anyigba ƒe viɖe wònye, ne fia tsa agbledede ɖo ɖɔe. 9 Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe. 10 Ne kesinɔnu dzi ɖe dzi la, eɖulawo hã dzinu ɖe edzi, eye nuãtɔ mekpɔa viɖeã ɖeke tsoe eme o, negbe ekpɔkpɔ kple ŋku ko. 11 Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔƒe nu gbogboawo menana wòɖɔa alɔ̃ o. 12 Vɔ̃ gã, si mekpe le ɣen le la, enye be, kesinɔtɔ le eƒe nuwo ŋu dzɔm hena eya ŋutɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e. 13 Ne nya vɔ̃a ɖe na kesinɔnu siawo bu, eye wòdzi ŋutsuvi le ekema naneke metsia esi me o. 14 Alesi wòle tso dadaa ƒe mi me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wole va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o. 15 Esia hã vɔ̃ gã wònye be, alesi wònɔ va la, nenema ke wòaganɔ ayi, eye viɖe kawòkpɔ, be wòdze agbagba ɖe ya me? 16 Eɖu eƒe ŋkekewo kalã le viviti, dzibibi geɖe, fukpekpe kple dziku me. Ɖokuinudede. 17 Kpɔ ɖa, nusi nyea mekpe be, enye, eye wòdze ani la, enye be, ame naɖu nu ano nu, eye wòaɖu agbe ɖe eƒe agbagba, siwo katã wodze le ɣea te la ŋuti le eƒe agbe me ŋkeke, siwo katã Mawu tso nɛ la me; elabena esia nye eƒe gome. 18 Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia. 19 Elabena mebua ta me le eƒe agbe me ŋkekewo ŋu boo o, le esi Mawu do dzidzɔ na eƒe dzi ta. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana