Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akɔfafa meli na ame dahe kpli veviedola siaa o, fia gã hã mele dedie o.

1 Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.

2 Tete mekafu amesiwo ku gbaɖegbe ke la, wu agbagbeawo, siwo gale agbe;

3 eye amesi medzɔ gɔ̃, ne wòayi nuwɔwɔ vɔ̃di, siwo dzɔna le ɣea te, kpɔ ge o la tɔ me nyo wu wo ame eve la tɔ.

4 Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.

5 Bometsila ɖe asi asitɛ me hele eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖum.

6 Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.

7 Eye megakpɔ tofloko le ɣea te;

8 Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!

9 Ne ame le eve la, enye wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fam nyui de woƒe agbagbadzedzewo la.

10 Elabena ne wo ɖometɔ ɖka dze anyi la, nana ame de tsitre; ke haha na amesi tsi akogo, elabena ne edze anyi la, evelia meli afɔe de tsitre o.

11 Nenema ke ne ame eve womlɔ wo nɔewo gbɔ la, woléa dzo de wo nɔewo ŋu; aleke ame ɖeka alé dzo de eɖokui ŋui?

12 Eye ne ame ɖeka kpɔ ŋusẽ de amesi tsi akogo dzi hã la, ame eveawo ya anɔ te ɖe enu, eye ka ŋukplaba eta mateŋu alã bɔbɔeo.

13 Ɖekakpui dahe nyanu nyo wu fia tsitsi tsibome, si menana woxlɔ̃a nui o.

14 Eya la gaxɔ mee wotso, ne woava ɖu fia, eye ahedada me wodzii ɖo ɖe fiaɖuƒe la me.

15 Mekpe be, agbagbeawo katã, siwo le zɔzɔm le ɣea te la, xa ɖe ɖekakpui, si ana ame kemea teƒe la dzi.

16 Dukɔ, siwo katã nu wole la seƒeɖo meli na wo o; ke wo megbeviwo meva kpɔ dzidzɔ de eŋu o. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.

17 Ne èyina de wò Mawu ƒe me la, kpɔ wò afɔ dzi; elabena vava, ne woase nya, nyo wu bometsilawo ƒe akpedavɔsa; elabena numanyamanyae na wole nu vɔ̃ɖi wɔm.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan