Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuwuwu li na amegbetɔ ƒe nuwɔwɔwo, gake Mawu tɔ noa anyi.

1 Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.

2 Amedziɣi li, eye kuɣi li; nuɖoɣi li, eye nu dodoawo hoɣi li;

3 amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;

4 avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li;

5 kpekakaɣi li, eyekpeƒoƒoƒuɣi li; asikplakɔɣi li, eye adzɔgenɔnɔ na asikplakɔɣi li;

6 nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;

7 nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;

8 lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li; aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li.

9 Viɖe ka ame kpɔna tsoa dɔ, si ŋu wòdzea agbagba lena la me?

10 Mekpe dɔ, siwo Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo, ne woatsɔ aku kutrii la ɖa.

11 Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne

12 Medze sii bena, nu nyuia ɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe le woƒe agbenɔɣi o.

13 Ke be amea ɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.

14 Medze sii be, nusiwo kam Mawu wɔ la, anɔ anyi ɖaa, womatsɔ naneke akpee o, eye womaɖe naneke le eme o. Mawu ɖe wòwɔe, alea, be woavɔ̃ ye.

15 Nusi li la, nɔ anyi tsã va yi, eye nusi gbɔna anyi nɔ ge la, nɔ anyi gbaɖegbe ke; eye Mawu gaɖia nusi nu va yi la.


Vɔ̃ Mawu, eye na wɔ gome nadze ŋuwo.

16 Eye megakpɔ le ɣea te be, nu madzɔmadzɔ le ʋɔnuɖrɔ̃ƒe, eye nu madzɔmadzɔ le dzɔdzɔenyenye nɔƒe.

17 Tete megblɔ le nye dzi: me be: Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃diwo, elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã kple nuwɔwɔwo katã.

18 Megblɔ le nye dzi me bena. Amegbetɔviwo ta esia va me do, ne Mawu naɖo wo akpa, eye ne woadze sii be, lãwo yewonye.

19 Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.

20 Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.

21 De amea de nyae be, amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me loo?

22 Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan