Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Anyigba dzi dzidzɔkpɔkpɔwo katã hã nye dzodzro.

1 Megblɔ le nye dzi me be: Mãtsɔ dzidzɔ mee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe.

2 Megblɔ na nukoko be: adaʋae! eye na dzidzɔ be: nuka esia ya awɔ?

3 Mehe le nye dzi me be: Matsɔ wein anyro nye ŋutilã, ke nye dzi natsɔ nunya akplɔm, ne meva bometsitsi goŋgoŋ, eye makpa nusi nyo na amegbefɔviwo be, woawɔ le dziƒoa te le woƒe agbenɔɣi me la.

4 Mewɔ dɔ klitsuwo: metu xɔwo, mede weingblewo,

5 melɔ ahɔwo, eye mewɔ tsaɖiƒevewo hedo afi tseku ɖuɖua vovovowo ɖi;

6 medo tsitawo, ne matsɔ ade tsi avemeti damawo.

7 Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.

8 Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ.

9 Ade meɖo kpo gaɖo kpo ɖe dzi wu amesiwo katã nɔ Yerusalem ɖo ŋgɔ nam; eye nye nunya hã tsi ŋunye.

10 Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔa ɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpa dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu, eye esia nye tanye gome tso nye agbagbadzedzewo katã me.

11 Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.

12 Eye metrɔ, be makpɔ nunya, aɖaʋadzedze kple bometsitsi ɖa, elabena nuka amesi ava dze fia yome la awɔ? Nusi wowɔ xoxo va yi la koe!

13 Tete mekpɔ be, nunya ƒo bometsitsi ta, ahe alesi kekeli ƒo viviti tae ene.

14 Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.

15 Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.

16 Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.

17 Tete melé fu agbenɔnɔ, elabena nusiwo wowɔna le ɣea te la, medze ŋunye o, elabena wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.

18 Eye melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea le la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzela ta.

19 Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metso kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe!

20 Tete metrɔ, eye ɖikeke do nye dzi me ɖe agbagba, siwo katã medze le ɣea te la ŋu.

21 Elabena ne amea ɖe tsa nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe ɖɔe la, ele na be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, woa zu etɔ. Esia hã tofloko kple vɔ gã wònye.

22 Elabena nuka amegbefɔ kpɔna tsoa eƒe dɔwo kalã kple agbagba, siwoeƒe dzi dzena le ɣea te la mea?

23 Elabena eƒe ŋkekewo katã nye vevesese, eye nuxaxa nye eƒe dɔwɔwɔwo, le zã me gɔ̃ hã eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia hã toflokoe!

24 Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.

25 Elabena ameka ato exa aɖu nu, eye wòase vivi?

26 Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan