Nyagblɔla 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ɖo ŋku Mawu dzi le wo ɖekakpuime, ekema akpɔ akɔfafa le amegãkuku me. 1 Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo; 2 hafi ne ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo naɖo viviti, eye alilikpo nagatrɔ ava le tsidzadza megbe; 3 esime aƒe ŋu dzalawo dzona nyanyanya, eye ŋutsu kakowo xana gobaa, nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa dɔwɔwɔ, elabena womegasɔ gbɔ o; esime fesrenukpɔlawo ƒe mo ɖoa viviti, 4 eye wodoa ʋɔtru, siwo lrɔ ɖe abla me, elabena wɔtutu megale ɖiɖim sesĩe o, eye wofɔna, ne xevi ƒe gbe tete ɖi, eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbeme xena; 5 togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome; 6 hafi ne klosaloka natso, eye sikagba nagbã, trekpezi nafli le vudo to, eye tsidumɔ̃ nakaka; 7 hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ. Mawuvɔvɔ̃ enye nufiafiawo katã ƒe blibotɔ. 8 Toflokowo ƒe tofloko! Nyagblɔla be: Nuwo kalã toflokowoe! 9 Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo. 10 Nyagblɔla la di nya viviwo be, yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe. 11 Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu kple gatagbadza, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu. 12 Hekpe ɖe esia ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋufilã ŋu. 13 Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ! 14 Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana