Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ƒã wo nukuwo le ŋdi me.

1 Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe.

2 Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.

3 Ne tsi ya alilikpowo la, wobunɛ kɔna ɖe anyigba dzi; ne ati mu le dziehe alo anyiehe la, afisi atia mũ ɖo la, afima wòtsina.

4 Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.

5 Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.

6 Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.

7 Kekeli nyo, eye ɣe kpɔkpɔ vivia ŋku nu.

8 Elabena ne amegbetɔ nɔ agbe ƒe geɖe la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me, eye wòanɔ ŋku ɖom vivitidogbe dzi be, wole agbɔ sɔ ge; nusiwo katã le vavam la, toflokowoe.

9 Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.

10 Ɖe dziku da le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã; elabena ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nónɔ toflokowoe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan