Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunya kple bometsitsi le bubumewo kple ame gblɔewo gbɔ.

1 Nudzodzoe wuamewo nana amiɖala ƒe ami mina ku heƒaƒãna; bometsitsi ʋeea ɖe kpena wua nunya kple bubu.

2 Gomesese le ɖusi me na nunyala, ke bometsila ƒe gɔmesese le mia me nɛ.

3 Ne bometsila le mɔa ɖe dzi le nunya menɔa tagbɔ nɛ o, eye sii wo baa amewo katã bometsilawoe.

4 Ne dziɖula ƒe ɖɔmedzoe bi ɖe ŋuwò la, megaɖe afa le tewòƒe o, elabena tufafa tsia nuvɔ gãwo nu.

5 Mekpɔ nu vɔ̃ɖia ɖe le ɣea te, esɔ kple dziɖula ƒe ɖaɖaƒu

6 Wotsɔ bometsitsi ɖo kɔkɔƒe ʋi ke, eye kesinɔtɔwo bɔbɔ nɔ anyi me.

7 Mekpɔ kluviwo le sɔ dzi, eye amegãwo le afa zɔm ahe kluviwo ene.

8 Amesi le ne ɖem la, eyae gena dzea eme, eye amesi la gli gbãm la, eyae da ɖuna.

9 Amesi le kpe ɖem la, eyae wɔa nu vevi eɖokui, eye amesi le nake dzem la, eyae xɔa abi.

10 Ne lãnu tsi kpo, eye womenyire enu o la, ele be, woahe alɔkame; ke nuwɔwɔ, ne wòadze edzi, enye nunya ƒe viɖe.

11 Ne da ɖu ame, hafi wosa gbe ɖoe la, ekema gbesala mekpɔ viɖea ɖeke tso eme o.

12 Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.

13 Eƒe nu me nyia ƒe gɔmedzedze enye bometsitsi, eye eƒe nuƒoƒo ƒe nuwuwu enye aɖaʋadzedze vɔ̃ɖi.

14 Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?

15 Bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea amesi menye du me mɔ o la ŋu.

16 Anyigba, si ƒe fia nye ɖevi, eye eƒe amegãwo ma ŋdi ɖe nuɖuɖu ŋu la, baba nɛ!

17 Woayra anyigba, siƒe fia nyee bubume, eye ete amegãwo ɖua nu ɖe eɖuɣi hena ŋusẽɖoɖo, eye menye hena nutsuɖuɖu o!

18 Kuviawɔwɔ nana ɖaɖedziwo nyẽna ɖe eme, alɔ gblɔlɔ wɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.

19 Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.

20 Megado ɖiŋu na fia le wò tamesusuwo me o, eye megado ɖiŋu na kesinɔtɔ le wò xɔgã me o, elabena dziƒoxeviwo atso gbeɖiɖi la ayii, eye xewo aɖato nya la.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan