Ɖelawo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abimelex wu nɔviawo, eye woɖo fiae. 1 Eye Abimelex, Yerub-Baal vi, yi dadaa nɔviwo gbɔ le Sixem, eye wòƒo nu kpli wo kpakple dadaa fofo ƒomeawo katã bena: 2 Miƒo nu ɖe Sixemtɔwo ƒe to me bena: Kae nyo na mi wu; Yerub-Baal vi blaadreawo katã naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo ame ɖeka naɖu fia ɖe mia dzia? Minyae bena, nyee nye mia ƒu kple mia ŋutilã! 3 Tete dadaa nɔviwo gblɔ nya siawo katã ɖe Sixemtɔwo katã ƒe to me, eye woƒe dzi trɔ ɖe Abimelex ŋu, elabena wobui wo nɔvii. 4 Woɖe klosalo blaadre nɛ tso Baal-Berit ƒe gbedoxɔ me, eye Abimelex tsɔe da yakamewo kple ame vlowo wodze eyome. 5 Eye wòva fofoa ƒe me le Ofra, eye wowu nɔviawo, siwo nye Yerub-Baal vi blaadreawo, ɖe kpe ɖeka dzi; ke Yotam, si nye Yerub-Baal ƒe dɔmlɔea, tsi agbe, elabena eɣla eɖokui. 6 Eye Sixemtɔwo katã kple Milo-nɔlawo katã va kpe ta, eye woɖo fia Abimelex le logoti, si nye ŋkuɖodziti le Sixem la gbɔ. Yotam ƒe glinya la. 7 Esi wogblɔ nya sia na Yotam la, eyi ɖatsi tre ɖe Gerizim-to la dzi, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na wo bena: Mi Sixemtɔwo, miɖo tom, ne Mawu naɖo to mi! 8 Gbe ɖeka atiwo be, yewoaɖo fia ɖe yewo ɖokui nu, eye wogblɔ na amiti bena: Ɖu fia ɖe mía dzi! 9 Tete amiti gblɔ na wo bena: Magblẽ nye ami, si mawuwo kple amegbetɔwo kafuna nam la ɖi, ne mayi aɖanɔ agba sam ɖe atiwo dzia? 10 Atiawo gblɔ na gboti bena: Wòava ɖu fia ɖe mía dzi! 11 Tete gboti gblɔ na wo bena: Magblẽ nye tsi vivi kple nye kutsetse xɔasiwo ɖi, ne mayi aɖanɔ agba sam ɖe atiwo dzia? 12 Atiawo gblɔ na weinka bena Wòa va naɖu fia ɖe mía dzi! 13 Tete weinka ɖo ŋu na wo bena: Magblẽ nye tsetse me tsi, si doa dzidzɔ na mawuwo kple amegbetɔwo la ɖi, ne mayi aɖanɔ agba sam ɖe atiwo dzia? 14 Eye atiawo katã gblɔ na ŋuve bena: Wòa va ɖu fia ɖe mía dzi! 15 Tete ŋuve gblɔ na atiawo bena: Nenye nyateƒe to gblɔm miele be, miasi ami nam manye fia ɖe mia dzi la, ekema miva bè ɖe nye vɔvɔli te! Ne menye nenem o la, ekema dzo ado tso ŋuve la me, eye wòafiã Libanon ƒe sedertiwo! 16 Azɔ nuteƒe kple nu dzɔdzɔe wònye miewɔ be, mieɖo fia Abimelex mahã? Eye nu nyui wònye miewɔ na Yerub-Baal kple eƒe aƒe ɖe nusiwo wòwɔ na mi nua? 17 Fofonye wo aʋa na mi, eye wòtsɔ eƒe agbe ke ku heɖe mi tso Midiantɔwo si me vɔ tso, 18 hafi miawo miedze aglã ɖe fofonye ƒe aƒe ŋu egbea, eye miewu via blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi hetsɔ eƒe ahiã ƒe vi Abimelex ɖo fia ɖe Sixemtɔwo nu, le esi wònye mia nɔvi ta. 19 Nenye nuteƒe kple nu dzɔdzɔe wònye miewɔ na Yerub-Baal ƒe aƒe egbe la, ekema mikpɔ dzidzɔ le Abimelex ŋu, eye eya hã nakpɔ dzidzɔ le mia ŋu! 20 Ne menye nenem o la, ekema dzo nedo tso Abimelex me, ne wòafiã Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo, eye dzo nedo tso Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo me, ne wòafiã Abimelex! 21 Tete Yotam si le nɔvia Abimelex nu yi Beer, eye, wònɔ afima. Abimelex ƒe nuwuwu. 22 Esi Abimelex ɖu Israel dzi ƒe etɔ̃ la, 23 Mawu de gbɔgbɔ vɔ̃ɖia ɖe Abimelex kple Sixemtɔwo me, ale bena Sixemtɔwo trɔ le Abimelex yome, 24 bena ne nu vlo, si wowɔ ɖe Yerub-Baal vi blaadreawo ŋu, kple woƒe ʋu nava wo nɔvi Abimelex, si wu wo, kple Sixemtɔwo, amesiwo de dzi ƒo nɛ wòwu nɔviawo la dzi. 25 Eye Sixemtɔwo ɖe amewo wode xa ɖe towo dzi ɖe eŋuti, eye woda adzo amesiwo to mɔ dzi yi. Tete wova gblɔe na Abimelex. 26 Ekema me Gaal, Ebed vi, kple nɔviawo va Sixem. Eye esi! Sixemtɔwo ɖo ŋu ɖe eŋu la, 27 woyi agble ɖaxa woƒe weintsetsewo hewɔ wein, eye woɖu akpedadaŋkekenyuie: woyi de woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye woɖo ɖiŋu na Abimelex. 28 Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo? 29 Ɖe wònye dukɔ sia asinye mee wòle la, ne manyã Abimelex, eye magblɔ na Abimelex bena: Dzi wò aʋakɔ ɖe dzi, eye naho aʋa! 30 Esi dumegã Zebul se Gaal, Ebed vi ƒe nyawo la, eve dome nɛ, 31 eye wòdɔ amewo dzaa ɖo ɖe Abimelex gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Gaal, Ebed vi, kple nɔviawo va Sixem, eye wode ʋunyaʋunya du la me ɖe ŋuwò! 32 Eyata mia kple wò amewo mifɔ zã, ne miava de xa ɖe gbe me! 33 Ne ŋu ke, eye ɣe dze la, nava dze ɖu la dzi; ekema eya kple eƒe amewo aho ɖe ŋuwò, eye nawɔe, abe alesi nakpɔ mɔnu le eŋu ene. 34 Tete Abimelex kple aʋakɔ blibo, si le eŋu la, fɔ zã heva de xa ɖe Sixem ŋu le atidzedze ene me. 35 Esi Gaal, Ebed vi, do yi ɖatsi tre ɖe dua ƒe agbo nu la, tete Abimelex kple aʋakɔ, si le eŋu la, do tso xa me. 36 Eye esi Gaal kpɔ aʋakɔa la, egblɔ na Zebul bena: Kpɔ ɖa, aʋakɔa ɖe nye kem le ɖiɖim tso to la dzi! Ke Zebul ɖo ŋu nɛ bena: Towo ƒe vɔvɔli kpɔm nèle be, amewoe. 37 Ke Gaal gagblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, amewo le ɖiɖim tso anyigba ƒe kɔkɔƒe, eye aʋalɔgo ɖeka to dzotɔwo ƒe logoti gbɔ mɔ! 38 Tete Zebul gblɔ nɛ bena: Menye wòe le nu me ɖim le gbɔgblɔm bena: ameka nye Abimelex, ne míasubɔe oa? Esia nye aʋakɔ, si ŋu nèle alɔme ɖem le. Azɔ ho, nayi aɖawɔ aʋa kplii! 39 Tete Gaal ho dze Sixemtɔwo ŋgɔ, eye wòwɔ aʋa kple Abimelex. 40 Ke Abimelex nyãe, eye wòsi le enu vaseɖe agbo nu, eye ame geɖewo tsi aʋa. 41 Abimelex tsi Aruma, ke Zebul nyã Gaal kple nɔviawo, ale be womekpɔ mɔ anɔ Sixem o. 42 Esi ŋu ke, eye amewo yi agble la, wova gblɔe na Abimelex. 43 Tete wòmã aʋakɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòyi ɖade xa ɖe gbe me. Eye esi wòkpɔ be, amewo do tso dua me gbɔna la, edo ɖewo ŋu, eye wòwu wo. 44 Abimelex kple aʋalɔgo, si le eŋu la, va xe du la ƒe agbo nu, ke aʋalɔgo eve yi ɖadze amesiwo katã le agble la dzi, eye wowu wo. 45 Emegbe Abimelex wɔ aʋa kple ɖu la ŋkeke blibo la katã, eye wòxɔ du la hewu eme nɔlawo, eye wògbã du la hewu dze ɖe edzi. 46 Esi Sixem-mɔ̃metɔwo see la, woyi ɖe mɔ̃, si le mawu Berit ƒe me la me. 47 Eye wova gblɔe na Abimelex bena, Sixem-mɔ̃metɔwo katã ƒo ƒu. 48 Tete Abimelex kple aʋakɔ, siwo katã le eŋu la, yi Zalmon-to la dzi, eye Abimelex tsɔ fia lã atilɔ hetsɔ ɖe abɔta, eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Netsɔ, miawɔ abe alesi mewɔ miekpɔ ene! 49 Tete ana ka blibo la lã atilɔwo hedze Abimelex yome, eye wotsɔ wo va kɔ ɖe mɔ̃ la ŋu hetɔ dzo mɔ̃ la. Ale Sixem-mɔ̃metɔwo katã hã ku woanɔ ŋutsu akpe ɖeka hekpe ɖe nyɔnuwo ŋu. 50 Emegbe Abimelex ho ɖe Tebez ŋu, eye wòɖe to ɖe Tebez hexɔe. 51 Mɔ̃ sesẽa ɖe le dua titina, eye duametɔwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, si yi ɖe afi ma hedo ʋɔ ɖe wo ɖokui nu, eye wode mɔ̃ la tame. 52 Eye Abimelex te ɖe mɔ̃ la ŋu hewɔ aʋa kplii, eye wòva kekeke mɔ̃ la ƒe agbo nu, be yeatɔ dzoe. 53 Tete nyɔnua ɖe tsɔ tevi xlã ɖe la na Abimelex, eye wògbã ta le enu. 54 Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku. 55 Esi Israeltɔwo kpɔ bena, Abimelex ku la, amesiame gbugbɔ yi aƒe. 56 Ale Mawu ɖo Abimelex ƒe nu vlo, si wòwɔ ɖe fofoa ŋu hewu nɔvia blaadreawo la, teƒe nɛ. 57 Eye Mawu he nu vlo, siwo katã Sixemtɔwo wo la, va wo dzi. Ale Yotam, Yerub-Baal vi, ƒe fiƒode la ɖi wo ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana