Ɖelawo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gideon ti futɔ la yome. 1 Tete Efrayim-ŋutsuwo gblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi neho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, negbe mia yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie. 2 Ke eɖo ŋu na wo bena: Ɖe miawo miewɔ wum oa? Ɖe Efrayim ƒe weinxaxa mlɔetɔ menyo wu Abieser ƒe weinxaxa blibo la oa? 3 Mawu tso Midian-amegãwo, Oreb kple Zeeb, de asi na mi, eye nuka mewo tso wu mi? Esi wògblɔ nya sia la, woƒe dziku la nu fa. 4 Esi Gideon va Yordan nu, eye eya kple ame alafa etɔ̃, siwo le eŋu, tsoe, eye ɖeɖi te wo ŋu belibeli le wo yometiti me la, 5 egblɔ na Sukottɔwo bena: Midi aboloa ɖewo na amesiwo le yonyeme la, elabena ɖeɖi te wo ŋu belibeli, eva mele Zebax kple Zalmuna, Midtan-fiawo, yome tim. 6 Sukot-amegãwo ɖo ŋu bena: Ɖe wò asi tu Zebax kple Zalmuna, hafi miatso abolo na wò aʋakɔ la? 7 Eye Gideon gblɔ bena: Enyo! Ne Yehowa tsɔ Zebax kple Zalmuna de asi nam la, ekema matsɔ gbedadaƒoŋɔka kple ŋuwo adze mia ŋutii. 8 Eye woho tso afima yi Penuel, eye wògblɔ na woawo hã alea ke, ke Penueltɔwo ɖo ŋu nɛ abe Sukottɔwo ke ene. 9 Tete wògblɔ na Penueltɔwo bena: Ne metrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, magbã mɔ̃ sia aƒu anyi! 10 Ke Zebax kple Zalmuna kpakple woƒe aʋakɔ la va Karkor, eye amesiwo katã kpɔtɔ le ɣedzeƒeviwo ƒe aʋakɔ me la, ana ame akpe wuiatɔ̃; ke amesiwo kpla yi, eye wotsi aʋa la, le ame akpe alafa ɖeka kple blave. 11 Eye Gideon to asimɔ gã dzi le Nobax kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòsi aʋakɔ la, le esime woli bɔkɔɔ. 12 Tete Zebax kple Zalmuna wòsi, eye woti wo yome helé Midian-fia eveawo, Zebax kple Zalmuna, eye wòde zi asaɖa blibo la me. 13 Esi Gideon, Yoas vi, trɔ tso aʋa la tso Xeres-to dzi mo nu la, 14 ele Sukot-ɖekakpuia ɖe, eyewòbiae wòŋlɔ Sukot-amegãwo kple ame tsitsiwo ŋkɔ nɛ, wole ame blaadre va adre. 15 Eye esi wòva Sukottɔwo gbɔ la, egblɔ bena: Zebax kple Zalmuna enye si, amesiwo mietsɔ ɖu fewu le ŋunye gblɔ bena: Ɖe wò asi tu Zebax kple Zalmuna, hafi miana abolo wò ame, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli la mahã? 16 Emegbe wòlé dua me tsitsiawo, eye wòna Sukottɔwo ʋẽ gbedadaƒoŋɔka kple ŋuwo se. 17 Egbã Penuel mɔ̃ la ƒu anyi, eye wowu duametɔwo. 18 Eye wògblɔ na Zebax kple Zalmuna bena: Ŋutsu ka ƒomeviwoe miewu le Tabor gbɔ? Woɖo ŋu bena: Wole abe wò ene, eye wo dome ɖesiaɖe ɖi fiavi. 19 Tete wògblɔ bena: Nɔvinyeŋutsuwoe, danyeviwo wonye. Meta si Yehowa ƒe agbe! Ɖe wònye ɖe miena wotsi agbe la, anye ne nyemele mia wu ge o. 20 Enumake wògblɔ na eƒe ŋgɔgbevi Yeter bena: Tso, nawu wo! Ke ele vɔvɔ̃m, eye meɖi eƒe yi o, elabena ɖevi wònye. 21 Tete Zebax kple Zalmuna gblɔ bena: Wò ŋutɔ tso, nadza mí, elabena ŋutsu kple eƒe ŋusẽe sɔ! Tete Gideon tsi tre, eye wowu Zebax kple Zalmuna; eye wòɖe kogɛ, siwo le kɔ na woƒe kposɔwo. Gideon ɖo trɔ̃subɔsubɔ anyi. 22 Tete Israeltɔwo gblɔ na Gideon bena: Wò ŋutɔ kple viwòŋutsu kpakple viwòŋutsu ƒe vi miɖu fia ɖe mía dzi, elabena wòe ɖe mí tso Midiantɔwo si me! 23 Gideon ɖo ŋu na wo bena: Nye ŋutɔ alo vinyeŋutsu míaɖu fia ɖe mia dzi o, ke boŋ Yehowa neɖu fía ɖe mia dzi! 24 Gideon gblɔ na wo bena: Nu ɖeka biam mele tso mia si, mia dome amesiame netsɔ togɛ, siwo woha la nam. Ismaeltɔwo wonye, eyata woɖo sikatogɛ. 25 Woɖo ŋu bena: Miana wò baa! Tete wokeke avɔ ɖe anyi, eye amesiame fɔ togɛ, si woha la, va ɖa ɖe eme. 26 Eye sikatogɛ, siwo wòbia la, ƒe kpekpeme le sekel akpe ɖeka kple alafa adre, womebu kogɛ kple tomedzonu kpakple aɖabɛwu, siwo Midian-fiawo do, kple kɔsɔkɔsɔ, siwo le ka na woƒe kposɔwo la, ɖe me o. 27 Eye Gideon tsɔ wo wɔ kɔmewu hetsɔ ɖa ɖe eƒe du Ofra me, eye Israel blibo la subɔe, eye wòtrɔ zu mɔ̃ na Gideon ƒe aƒe la. Gideon viwo kpakple eƒe ku. 28 Ale wobɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi le Israel-viwo ŋku me, eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Eye anyigba la dzi fa le Gideon ŋɔli ƒe blane sɔŋ. 29 Eye Yerub-Baal, Yoas vi, yi ɖanɔ eƒe me. 30 Ŋutsuvi blaadre le Gideon si, siwo nye eya ŋutɔ ƒe ali me viwo, elabena eɖe srɔ̃ geɖe. 31 Eye eƒe ahiã, si le Sixem la, dzi ŋutsuvi nɛ, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Abimelex. 32 Gideon, Yoas vi la, tsi ŋutɔ hafi ku, eye woɖii ɖe fofoa Yoas ƒe yɔɖo me le Abiesritɔwo ƒe Ofra. 33 Esi Gideon nya ku ko la, Israel-viwo trɔ hesubɔ Baalwo, eye wotsɔ Baal-Berit wɔ woƒe mawui. 34 Eye Israel-viwo ƒe ŋku dzo le Yehowa, woƒe Mawu la dzi, amesi ɖe wo tso woƒe futɔwo katã, siwo ƒo xlã wo godoo la si me. 35 Eye womeve Yerub-Baal, amesi nye Gideon la ƒe ƒomeawo nu o, evɔ wònye ewo nyui geɖe na Israel hafi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana