Ɖelawo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gideon ɖu Midiantɔwo dzi. 1 Tete Yerub-Baal, si nye Gideon, kple dukɔ blibo, si le eŋu la, fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi de Xarod-vudo la gbɔ, eye Midiantɔwo ƒe asaɖa le woƒe anyiehe gome, tso More-togbɛ la gbɔ ɖo ta bali la me. 2 Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Amesiwo le ŋuwò la, sɔ gbɔ akpa be, matsɔ Midiantɔwo ade asi na wo; ne Israel magaƒu asi akɔ ɖe ŋunye agblɔ bena: nye ŋutɔ nye asi metsɔ xɔ na ɖokuinye o! 3 Eyata ɖe gbe ƒã ɖe amea wo ƒe to me bena: Amesi ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, netrɔ, eye wòagbugbɔ tso Gilead-to la gbɔ! Tete ameawo dome ame akpe blave vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ. 4 Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Ameawo: gasɔ gbɔ akpa ko. Kplɔ wo yi tɔ la nu, ne mado wo akpɔ na wò le afima, eye amesi ke magblɔ na wò be, neyi kpli wò la, eya nayi kpli wò; ke amesi ke magblɔ na wò be, megayi kpli wò o la, mayi kpli wò o! 5 Esi wòkplɔ ameawo va tɔa nu la, Yehowa gblɔ na Gideon bena: Tia amesiwo ɖuɖɔ tsi la abe avu ene kple amesiwo dze klo kpe nu ɖe; me noe la, ɖe vovo! 6 Eye amesiwo kui kple asi kplɔ la, le ame alafa etɔ̃, ke ame mamleawo katã dze klo kpe nu ɖe tsia me noe. 7 Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Ame alafa etɔ̃, siwo kui kplɔ la, tsɔ ge mala aɖe mi, eye matsɔ Midiantɔwo aɖe asi na wò; ke ame mamleawo katã negbugbɔ yi aƒe. 8 Eye ameawo tsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple woƒe kpẽwo ɖe asi; ke eɖe asi le Israeltɔ bubuawo katã ŋu amesiame yi eƒe xɔ nu, eye wòtsɔ ame alafa etɔ̃awo kpe ɖe eɖokui ŋu. Eye Midiantɔwo ƒe aʋasaɖa le abu me le eŋku me. 9 Eye Yehowa gblɔ nɛ le zã ma me bena: Tso, naɖi yi asaɖa la me, elabena metsɔe ɖe asi na wò! 10 Ke ne èle yiyi vɔ̃m la, ekema mia kple wò dɔla Pura miyi asaɖa la me, 11 eye nase nya, si gblɔ ge wòala. Emegbe dzi aɖo ƒowò, eye naho ɖe asaɖa la ŋu. Tete eya kple eƒe dɔla Pura wova asaɖa la me le aʋawɔlawo ƒe dodo nu. 12 Eye Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene, eye woƒe kposɔ naneawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. 13 Esi Gideon va la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le drɔ̃e lim na nɔvia bena: Meku drɔ̃e kpɔ luboloa ɖe mli togotogo va Midiantɔwo ƒe asaɖa me, eye wòlɔ aʋafia ƒe agbadɔ wòmã dze anyi hetrɔ gbo, eye agbadɔla tsi nenema. 14 Tete nɔvia ɖo ŋu ne bena: Menye nu bubua ɖekee o, ke boŋ Israeltɔ Gideon, Yoas vi la, ƒe yie. Mawu tsɔ Midiantɔwo kple woƒe asaɖa blibo la ɖe asi nɛ. 15 Esi Gideon se drɔ̃e la kple egɔme la, edo gbe ɖa; emegbe wògbugbɔ va Israel ƒe asaɖa la me gblɔ bena: Mitso, elabena Yehowa tsɔ Midiantɔwo ƒe asaɖa la de asi na mí! 16 Eye wòmã ame alafa etɔ̃awo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòtsɔ kpẽwo kple ze ƒuƒlu, siwo me akakatiwo le la, ɖe asi na wo katã. 17 Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ asinyenu, eye miawo hã miawɔ nenema! Ne meva asaɖa la ƒe mlɔenu, eye mewɔ nane la, ekema miawo hã miawɔe! 18 Ne mía kple amesiwo katã le gbɔnye míeku kpẽawo la, ekema mi amesiwo katã ƒo xlã asaɖa blibo la godoo la, miaku kpẽawo ahagblɔ bena: Yehowa kple Gideon tɔe! 19 Eye Gideon kple ame alafa ɖeka, siwo le eŋu la, va asaɖa la ƒe mlɔeanu le zãtiƒe, esime woɖe ŋudzɔnɔlawo ɖo anyi tetee; eye woku kpẽawo hegbà ze, siwo le wo si. 20 Eye aʋalɔgo etɔ̃awo ku kpẽawo hegbã zeawo; wole akakatiawo ɖe mia, eye wòlé kpẽawo ɖe ɖusi le kukum hele ɣli dom bena: Yehowa kple Gideon tɔe nye yi la! 21 Amesiame tɔ ɖe eteƒe le asaɖa la ŋu godoo, tete zi ƒo ɖe asaɖa blibo la me, eye wole ɣli dom hele sisim. 22 Esime ame alafa etɔ̃awo le kpẽawo kum la, Yehowa na amesiame trɔ yi nu ɖe nɔvia ŋu le asaɖa blibo la me, eye aʋakɔ la si, vaseɖe Bet-Sita ɖo ta Zereda va ke ɖe Abel-Mexola ƒe liƒo ŋu hegbɔ Tabat ŋu yi. 23 Eye woyɔ Israel-ŋutsuwo tso Naftali kple Aser kpakple Manase blibo la, eye wonyã Midiantɔwo ɖe nu. 24 Eye! Gideon do ame ɖo ɖe Efrayim-to blibo la dzi gblɔ bena: Miyi ɖaxe towo kple Yordan nu na Midiantɔwo vaseɖe Bet-Bara! Tete woyɔ Efrayim-ŋutsuwo katã, eye woxe tɔawo kple Yordan nu vaseɖe Bet-Bara. 25 Eye wòlé Midiantɔwo ƒe amegã eveawo, Oreb kple Zeeb; wowu Oreb ɖe Oreb-kpe la gbã, eye wowu Zeeb ɖe Zeeb ƒe weinfiãƒe. Emegbe woti Midiantɔwo yome, eye wotsɔ Oreb kple Zeeb ƒe ta vɛ na Gideon le Yordan ƒe go keme dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana