Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ɖelawo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Debora kple Barak fe aseyetsoha.

1 Tete Debora kple Barak, Abinoam vi, wodzi ha gbemagbe bena:

2 Esi aʋafiawo dze Israel ŋgɔ, eye dukɔ la lɔ̃ faa ŋuti la, mikafu Yehowa!

3 Mi fiawo, misee; mi amegãwo, miƒu to anyi! Mele ha dzi ge, Yehowae mele ha dzi ge na, Yehowa, Israel ƒe Mawu lae mele saŋku ƒo ge na!

4 Yehowa, esi neho tso Seir, eye netsa to Edom-tagba la, anyigba ʋuʋu, dziŋgɔ ɖuɖu tsi, eye alilikpowo hã dza tsi;

5 towo dzo kpekpekpe le Yehowa ŋku me, eye Sinai sia ʋuʋu le Yehowa. Israel ƒe Mawu ƒe ŋku me.

6 Le Samgar, Anat vi, ŋɔli kple Yael ŋɔli la mɔwo to gbe, eye amesiwo zɔa mɔ tatawo dzi la, to gbedzemɔwo.

7 Aʋafiawo nu tso le Israel, wo nu tso, vaseɖe esime nye Debora medo, medo abe Israel dada ene!

8 Wotia mawu yeyewo; eyata aʋa va ke ɖe woƒe duwo ŋu. Womegakpɔ akpoxɔnu kple akplɔa ɖeke le Israel ƒe ame akpe blaneawo dome o.

9 Nye dzi enye Israel ƒe tatɔwo kple amesiwo lã faa le dukɔa dome la to. Mikafu Yehowa!

10 Mi amesiwo do tedzinɔ ɣiwo, kple mi amesiwo no kuntruwo dzi, kpakple mi amesiwo le mo la, midzi ha!

11 Esi aŋutrɔdalawo tso aseye le lãtoawo gbɔ la, wokafu Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo kple Israel ƒe aʋafiawo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo le afima Emegbe Yehowa ƒe dukɔ la gbugbɔ yi duwo me.

12 Nyɔ, nyɔ, Debora! nyɔ, nyɔ, nadzi ha! Tsi tre. Barak! Abinoam vi, kplɔ wò aboyomewo!

13 Tete dukɔ la ƒe bubume mamleawo va, eye Yehowa ɖi va gbɔnye le kalẽtɔwo dome.

14 Wotso Efrayim, amesi ƒe agunu le Amalek, eye Benyamin to wo megbe va ge ɖe woƒe amehawo dome. Tatɔwo ɖi abu tso Maxir kple Zebulon, amesiwo si tsiameti la le.

15 Isaxar-amegãwo le Debora ŋu, eye Isaxar kpe ɖe Barak ŋu hedze eyome kpledu-kpledu yi bali la me. Ruben-tɔʋuwo nu wode adaŋu gãwo le.

16 Nukaŋuti nètsi lãhawo gbɔ, be nalé to ɖe lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ ŋu? Ruben-tɔʋuwo nu wode adaŋu gãwo le.

17 Gilead tsi Yordan ƒe go keme dzi bɔkɔɔ. Nukaŋuti Dan nye amedzro le nuwo me? Aser baba nɔ ƒuta, eye wòtsyɔ akɔ anyi ɖe eƒe adɔ̃wo nu.

18 Zebulon enye dukɔa ɖe, si ku kutsikpe, hekpe ɖe Naftali ŋu le gbadzaƒeto la dzi.

19 Fiawo va wɔ aʋa, Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣemaɣi le Tanax le Megido-tɔ la nu; ke womekpɔ klosaloa ɖeke xɔ o!

20 Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.

21 Kison-tɔʋu la kplɔ wo yii, blematɔʋu Kison. Nye luʋɔ, do kple ŋusẽ!

22 Kalẽtɔ, siwo si la, ƒe sɔwo ƒe afɔzi le ɖiɖim.

23 Yehowa ƒe dɔla be; Aɖi Meros ŋu! Aɖi eme nɔlawo ŋu kpekpekpe; elabena womeva xɔ na Yehowa o, womeva xɔ na Yehowa le kalẽtɔwo dome o!

24 Woayra Yael le nyɔnuwo dome, Kenitɔ Xeber srɔ̃, wõayrae le nyɔnu, siwo nɔa agbadɔ me la dome!

25 Tsi wòbia, ke notsie wònae, bubumewo ƒe tre me woku notsi kpekẽ ɖo vɛ.

26 Eɖo asi ɖa tsɔ tsyoti, eye wòlé gbeɖe ƒe zũ ɖe ɖusi; eda zũ ɖe Sisera ƒe ta dzi, eye wòfe eƒe tonu ŋɔe wòɖi go ɖe egodo.

27 Etsra ɖe eƒe afɔ nu wɔɔ, eƒe afɔ nu wòtsra ɖo, eye afisi wòtsra ɖo la, afima woku ɖo.

28 Sisera dada do mo ɖe fesre nu, eye wòdo ɣli to adzralawo me gblɔ bena: Nukaŋuti eƒe tasiaɖamwo gbe vava, eye nukaŋuti eƒe sɔwo ƒe afɔzi tsi megbe ale?

29 Nyɔnu bubume, siwo le egbɔ la, ɖo eŋu nɛ; ke egale biabia dzi ko be:

30 Ɖe womekpɔ aboyonu ma oa? Nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖeka, Sisera ƒe aboyonu nanye awu ŋɔŋɔewo, akɔgbavɔ ɖeka alo eve, siwo le ŋɔŋɔe, nanye fiasrɔ̃ ɖeka tɔ!

31 Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan