Ɖelawo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel subɔ ma wu bubuwo, eye wòge ɖe eƒe futɔwo si me, ke Otniel, Ehud kple Samgar ɖee. 1 Esiawo nye dukɔ, siwo Yehowa kpɔtɔ ɖi be, wòatsɔ wo ado Israeltɔ, siwo katã mekpɔ Kanaan-ʋa teƒe o la akpɔ; 2 ne Israel-viwo ƒe ƒome, siwo mekpɔ aʋa teƒe tsã o la, nadze aʋawɔwɔ 3 Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat. 4 Wotsi anyi, ne wòatsɔ aɖo Israel akpɔ, be woaɖo to Yehowa ƒe se, siwo wòde na wo fofowo to Mose dzi loo? 5 Eye Israel-viwo nɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo dome. 6 Woɖe woƒe vinyɔnuwo, eye woawo hã tsɔ woƒe vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo, eye wosubɔ woƒe mawuwo. 7 Eye Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo. 8 Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim, eye Israel-viwo subɔ Kusan-Risatayim ƒe enyi sɔŋ. 9 Eye Israel-viwo ɖo ɣli yɔ Yehowa, tete Yehowa ɖo xɔnametɔ na Israel-viwo, Otniel, Kaleb ƒe tsɛ, Kenas ƒe vi, eye wòɖe wo. 10 Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel; eho aʋa, eye Yehowa tsɔ Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim de asi nɛ, eye eƒe alɔ kpe Kusan-Risatayim dzi. 11 Eye anyigba la dzi fa ƒe blane, vaseɖe esime Otniel, Kenas vi la ku. 12 Ke esi Israel-viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o wowɔ me la, Yehowa do ŋusẽ Moab-fia Eglon ɖe Israel-viwo ŋu, elabena wowɔ nusi medze Yehowa ŋu o. 13 Eye wòda Amon-viwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woho aʋa va si Israel, eye woxɔ devedu la. 14 Israel-viwo subɔ Moab-fia Eglon ƒe wuienyi sɔŋ. 15 Ke esi Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa la, Yehowa ɖo xɔnametɔ na wo, Ehud, ŋutsu miawɔla, si nye Benyamintɔ, Gera ƒe vi. Eye Israel-viwo tsɔ nudzɔdzɔ ɖe esi ɖo ɖe Moab-fia Eglon. 16 Eye Ehud tu adekpui nuevee, si didi asi ɖeka, eye wòtae ɖe ɖusiklito le eƒe awu ʋlaya te. 17 Eye wòtsɔ nudzɔdzɔ la ve na Moab-fia Eglon; Eglon enye ame lolo damia ɖe. 18 Esi wotsa nudzɔdzɔ la na vɔ la, ekplɔ amesiwo tso nudzɔdzɔ vɛ la, yi ɖaɖo ɖa; 19 ke etrɔ le legba, siwo le Gilgal la gbe va gblɔ bena: Fia, nya ɣaɣlaa ɖe le asinye na wò! Tete wògblɔ be: Ɖoɖoe nezi! Eye amesiwo katã tsi tre ɖe egbɔ la, do go. 20 Eye Ehud yi egbɔ, esime wòle dziƒoxɔ, si me eya ɖeka nɔna xɔa ya la me. Ehud gblɔ ne bena: Mehe Mawu ƒe gbe vɛ na wò! Tete wòtsi tre tso eƒe zikpui la dzi. 21 Enumake Ehud do mia ɖa di adekpui la le ɖusiklito heƒo ɖe dɔme nɛ, 22 ale be atia ke hã bu ɖe me, eye ami nye tsyo adekpui la; mete ŋu ɖe adekpui la le dome nɛ o, elabena enu ɖo go ɖe megbe. 23 Emegbe Ehud do go ɖe akpata me, eye woɖe ga dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtru me ɖe enu. 24 Esi wòdo go la, eƒe dolawo va, eye wokpɔ bena, dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo le dodo; eyata wobu be, afɔdzi ɖem wòanya le le yaxɔƒe la. 25 Ke esi wolala ʋuu ɖokpoe meʋu ʋɔa o la, wotso safui va ʋu ʋɔ lae, eye kpɔ ɖa, woƒe amegã ku ɖe anyigba. 26 Ke esi wole lalam nenema la, Ehud gbɔ legbawo ŋu, eye wòsi va Seira. 27 Eye esi wògbɔ la, eku kpẽ le Efrayim-to dzi, tete Israel-viwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ. 28 Eye wògblɔ na wo bena: Mikplɔm ɖo kaba, elabena Yehowa tso miaƒe futɔ Moabitɔwo de asi na mi! Enumake wodze eyome heva xe Yordan-tsoƒemɔ na Moabitɔwo, eye womena amea ɖeke tso tɔ la o. 29 Eye wowu Moabitɔwo anɔ ame akpe ewo ɣemaɣi, ŋutsu, siwo nye ame kakowo kple aʋamewo, eye ame ɖeka hɔ̃ hã mesi o. 30 Ale Moabitɔwo ge ɖe Israel ƒe asi te ɣemaɣi, eye anyigba dzi la ƒe blanyi sɔŋ. 31 Eye Samgar, Anat vi, dze eyome, amesi tsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ ame alafa ade, eye eya hã ɖe Israel. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana