Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ɖelawo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel ƒe tomaɖomaɖo, veve, kemalimali kplu tohehe, Ʋɔnudrɔ̃lawo.

1 Eye Yehowa ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim gblɔ bena: Mekplɔ mi tso Egipte va anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mia fofowo gblɔ be, nyematu nye nu, si mebia kpli mi, akpɔ gbeɖe o la dzi;

2 migabia nu kple anyigba sia dzitɔwo o, eye migbã woƒe vɔsamlekpuiwo! Gake mieɖo to nye gbe o. Nukaŋuti miewɔ alea ɖo?

3 Eyata nye hã mele egblɔm na mi bena: nyemanyã wo le mia ŋgɔ o, ne woanye fuɖenametɔwo anɔ mia ŋu, eye woƒe mawuwo nanye mɔ̃ aɖe mi.

4 Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;

5 eye wona ŋkɔ teƒe ma bena Boxim, eye wosa vɔ le afima na Yehowa.

6 Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, Israel-viwo dome amesiame yi eƒe anyigba dzi, ne wòaxɔe wòanye etɔ.

7 Eye dukɔ la subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe, amesiwo kpɔ nu gã, siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.

8 Yehowa ƒe dɔla Yosua, Nun vi, xɔ ƒe alata ɖeka kple ewo hafi ku,

9 eye woɖu ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat-Xeres, si le Efrayim-to dzi le Gaas-to ƒe anyiehe gome.

10 Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.

11 Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.

12 Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi, evɔ wònye eyae kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi hafi, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la ƒe mawuwoyome, eye wode ta agu na wo hetsɔ do dɔmedzoe na Yehowa.

13 Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal kple Astarot

14 Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.

15 Eye Yehowa ƒe asi nye dzɔgbevɔ̃e le wo ŋu le afisiafi, si woyi ɖo, abe alesi Yehowa gblɔ na wo kple alesi Yehowa ka atam na wo ene, ale be woɖo xaxa me ŋutɔ.

16 Eye Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo ɖewo tso adzowɔlawo si me.

17 Ke womeɖo to woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o, eye wodze mawu bubuwo yome de ta agu na wo, wote ɖa le mɔ, si dzi wo fofowo zɔ heɖo to Yehowa ƒe seawo la dzi, eye womewɔ nenema o.

18 Ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la, eye wòɖea wo tsoa woƒe futɔwo si me, ŋkeke alesi ʋɔnudrɔ̃la la le agbe, elabena woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.

19 Ke ne ʋɔnudrɔ̃la la ku la, ekema wotrɔna, eye wogblẽna de dzi wua wo fofowo, wodzea mawu bubuwo yome, subɔa wo hedea ta agu na wo, eye womedea asi le woƒe nuwɔwɔ kple tamesesẽ ŋu o.

20 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu gblɔ bena: Esi dukɔ sia tu nye nu, si mebia kple wo fofowo, eye meɖo to nye gbe o la,

21 eyata nye hã nyemaganyã dukɔ, siwo Yosua kpɔtɔ ɖi hafi ku la ɖa le wo ŋgɔ o;

22 ne matsɔ wo ado Israel akpɔ be, wòalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋu, eye woazɔ edzi abe wo fofowo ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o.

23 Eyata Yehowa kpɔtɔ dukɔ siawo ɖi, menya wo enumake o, eye metsɔ wo de asi na Yosua o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan