Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ɖelawo 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Simson te kame kple dzata.

1 Simson yi Timnat, eye wòkpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat.

2 Esi wògbɔ la, eka ta na fofoa kple dadaa bena: Mekpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat, eyata midee nam!

3 Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!

4 Ke fofoa kple dadaa medze sii be, Yehowa gbɔ wotso o; elabena mɔnu dim wòle le Filistitɔwo ŋu. Ɣemaɣi la Filistitɔwoe le Israel-viwo dzi ɖum.

5 Esi Simson kple fofoa kpakple dadaa woyina ɖe Timnat, eye wova ɖo Timnat-tɔwo ƒe weingblewo gbɔ la, kpɔ ɖa, dzatavia ɖe le gbe tem va do goe.

6 Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòvuvui, abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene, evɔ wònye metsɔ naneke ɖe asi o hafi. Ke megblɔ nusi wòwɔ la na fofoa kple dadaa o.

7 Eye wòyi ɖaƒo nu kple nyɔnu la, eye eƒe nu nyo Simson ŋu.

8 Eye esi eteƒe didi ʋee, wòyina, be yeakplɔ nyɔnua la, edze gbe, be yeakpɔ dzata kuku la ɖa, eye kpo ɖa, anyi ɖa ɖe dɔ me na dzata la.

9 Tete woɖee ɖe asi le nyinyim heva fofoa kple dadaa gbã, eye wòna ɖe woawo hã wonyi; ke megblɔe na wo be, dzata ƒe dɔ me yeɖe anyitsi la le o.


Simson ɖe srɔ̃, eye woto adzo.

10 Eye fofoa va nyɔnua gbɔ. Tete Simson tu aglo le afima, elabena nenema ɖekakpuiviwo wɔna.

11 Eye esi wokpɔe la, woɖe hafi blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu.

12 Eye Simson gblɔ na wo bena: Mato adzo na mi; ne mieɖe egɔme nam le aglotutuŋkeke adreawo me la, ekema matso awutewui blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi.

13 Ke ne miete ŋu ɖe egɔme nam o la, ekema miawo miatso awutewui blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam! Tete wogblɔ ne bena: To wò adzo la míase!

14 Eye wògblɔ na wo bena: Nuɖuɖu tso nutsuɖula me, eye nu vivi tso ŋusẽtɔ me. Ke ŋkeke etɔ̃ sɔŋ womete ŋu ɖe adzo la gɔme o.

15 Le ŋkeke eneagbe la wogblɔ na Simson srɔ̃ bena: Ƒoe ɖe srɔ̃wò nu, ne wòaɖe adzo la gɔme na mí! Ne menye nenem o la, míatɔ dzo mia kple fofowò ƒe aƒe! Alo ɖe miekpe mí, be miawɔ mi ame dahewoea?

16 Tete Simson srɔ̃ la avi nɛ gblɔ bena: Fu ko nèlém, eye mele lɔ̃yem o; eto adzo na mia ɖe viwo, gake megblɔe nam o! Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyemegblɔe na fofonye kple danye gɔ̃ hã o, eye mayi egblɔ ge na wòa?

17 Eye wòfa avi ne le ŋkeke adre, siwo wotu aglo la me; eye wòɖe egɔme nɛ le ŋkeke adreagbe, elabena eɖe fu nɛ akpa. Eye nyɔnu la yi ɖaɖe adzo la na wo de viwo.

18 Tete duameviwo va gblɔ nɛ le ŋkeke aɖreagbe, hafi ɣe naɖo to bena: Nuka vivina wu anyitsi? Eye nuka sesẽ wu dzata? Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe menye nye nyivi lae mietsɔ ŋlɔ agblee o la, anye ne miele nye adzo la gɔme ɖe ge tututu o.

19 Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi wòyi Askalon ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ heɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na amesiwo ɖe adzo la gɔme. Tete dzi kui wògbugbɔ yi fofoa ƒe me.

20 Eye wotso Simson srɔ̃ na ehati, si wòɖe kpe ɖe eɖokui ŋu la, wòɖe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan