Ɖelawo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wosi Efrayimtɔwo. 1 Tete Efrayimtɔwo ƒo ƒu ho va anyiehe, eye wogblɔ na Yefta bena: Nukaŋuti nèho ana ɖe Amon-viwo ŋu, eye mèyɔ mí, be míayi kpli wò oa? Miatɔ dzo wò xɔ ɖe dziwò! 2 Yefta ɖo ŋu na wo bena: Mía kple nye dukɔ míekpe aʋa vɔ kple Amon-viwo, eye meyɔ mi, gake mieva xɔm le wo si o. 3 Esi mekpɔ be, miele xɔxɔm nam o la, metsɔ nye agbe ke ku, eye meho aʋa ɖe Amon-viwo ŋu, eye Yehowa tsɔ wo de asi nam. Nukaŋuti mieho ɖe ŋunye fifia, be miawɔ aʋa kplim? 4 Tete Yefta ƒo Gileadtɔwo katã nu ƒu yi ɖawɔ aʋa kple Efrayim, eye Gileadtɔwo si Efrayim; elabena wogblɔ bena: Gileadtɔwo nye Efrayim ƒe ame dzegowo: Gilead le Efrayim kple Manase dome. 5 Eye Gileadtɔwo xe Yordan-tsoƒewo na Efrayim. Eye ne Efrayimtɔ sisia ɖe va gblɔ be: mina matso tɔa la, Gileadtɔwo bianɛ bena: Efrayimtɔ nènyea? Eɖoa ŋu be: Kpao! 6 Wogblɔna nɛ be: Gblɔ be Sibolet! Tete wogblɔna be Zibolet; elabena meɖo ŋu ɖo be, wòagblɔe nyuie o. Enumake wolénɛ, eye wowunɛ ɖe Yordan-tsoƒe la. Ale Efrayimtɔ ame akpe blane vɔ eve kũ ɣemaɣi. 7 Eye Yefta drɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe ade, emegbe Yefta, Gileadtɔ la ku, eye woɖu ɖe Gilead-duwo dometɔ ɖeka me. Ʋɔnudrɔ̃lawo Ibzan, Elon kple Abdon ŋu nya. 8 Eyome Ibzan, amesi tso Betlexem la, drɔ̃ ʋɔnu na Israel. 9 Edzi ŋutsuvi blaetɔ̃, eye wòɖe srɔ̃ na vianyɔnu blaetɔ̃awo ɖe duta, eɖe nyɔnuvi blaetɔ̃ tso duta na viaŋutsuwo, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe adre. 10 Emegbe Ibzan ku, eye woɖii ɖe Betlexem. 11 Elon, Zebulontɔ la, drɔ̃ ʋɔnu na Israel ɖe eyome ƒe ewo. 12 Eye Elon, Zebulontɔ la ku, woɖi ɖe Ayalon le Zebulon-nyigba dzi. 13 Eyome Piratonitɔ Abdon, Hilel vi, drɔ̃ ʋɔnu na Israel. 14 Edzi ŋutsuvi blane, eye wòxɔ tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃, amesiwo doa tedzivi blaadre, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe enyi. 15 Eye Piratonitɔ Abdon ku woɖi ɖe Piraton le Efrayim-nyigba dzi le Amalekitɔwo ƒe to dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana