Ɖelawo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yefta ƒe ʋɔnudrɔ̃dɔ. 1 Yefta, Gileadtɔ la, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, ke gbolovie wònye, eye Gilead ye dzi Yefta. 2 Eye Gilead srɔ̃ dzi viwo nɛ, eye esi srɔ̃ ƒe viwo tsi la, wonyã Yefta gblɔ nɛ bena: Wòa mànyi dome le mía fofo ƒe me o, elabena nyɔnu bubu vi nènye! 3 Tete Yefta si le nɔviawo nu yi ɖanɔ Tob-nyigba dzi, eye yakamewo va kpe ta ɖe Yefta ŋu, eye woɖea aʋa kplii. 4 Esi eteƒe didi ʋee la, Amon-viwo va wo aʋa kple Israel. 5 Eye esi Amon-viwo ho aʋa ɖe Israel ŋu la, Gilead-ame tsitsiwo yi, be woakplɔ Yefta tso Tob-nyigba dzi vɛ 6 Wogblɔ na Yefta bena: Va nanye míaƒe aʋafia, ne miawo aʋa kple Amon-viwo! 7 Tete Yefta ɖo ŋu na Gilead-ame tsitsiwo bena: Menye miawoe le fum, eye mienyãm tso fofonye ƒe me oa? Azã esi mieɖo xaxa me la, mieva gbɔnye! 8 Gilead-ame tsitsiwo gblɔ na Yefta bena: Esia ta pɛ mieva gbɔwo ɖo, be nayi kpli mi, ne miawo aʋa kple Amon-viwo, eye natre zu nato ɖe Gileadtɔwo katã nu! 9 Eye Yefta gblɔ na Gilead-ame tsitsiwo bena: Ne miekplɔm meyi ɖawɔ aʋa kple Amon-viwo, eye Yehowa tso wo ɖe asi nam la, ekema manye miaƒe tatɔ. 10 Gilead-ame tsitsiwo gblɔ na Yefta bena: Yehowa enye ɖasefo le mía dome! Miawo, abe alesi nègblɔ ene kokoko. 11 Tete Yefta yi kple Gilead-ame tsitsiawo, eye Yefta gblɔ nya siawo katã le Yehowa ŋku me le Mizpa. 12 Eye Yefta do amewo ɖo ɖe Amon-viwo ƒe fia gbɔ gblɔ bena: Nya ka le mía dome, hafi nèho ɖe ŋunye, be nawɔ aʋa kple nye anyigba? 13 Amon-viwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe dolawo bena: Elabena Israel xɔ nye anyigba, esime wotso Egipte va, tso Arnon nu vaseɖe Yabok kple Yordan nu; eyata gagbugbɔe nam kpoo! 14 Tete Yefta gadɔ amewo ɖo ɖe Amon-viwo ƒe fia eho, 15 eye wògblɔ nɛ bena: Yefta ƒe gbe enye si: Israel mexɔ anyigbaa ɖeke le Moabtɔwo kple Amon-viwo si o. 16 Elabena esi Israel tso Egipte, eye wòto gbedzi va Avaƒu la nu heva ɖo Kades la, 17 edo ame ɖo ɖe Edom-fia be, woagblɔ nɛ bena: Na mato wò anyigba dzi ayi! Ke Edom-fia melɔ̃ edzi nɛ o. Eda ame ɖo ɖe Moab-fia gbã, ke eya hã gbe; eyata Israel tsi Kades. 18 Eye wòto gbedzi hetrɔ Edom-nyigba kple Moab-nyigba ta, eye wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome heƒu asaɖa anyi ɖe Arnon ƒe go keme dzi, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab. 19 Tete Israel do amewo ɖo ɖe Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si no Xesbon la gbo be, woagblɔ nɛ bena: Na mato wò anyigba dzi ayi, vaseɖe esime made denyeƒe! 20 Ke Sixon meɖo ŋu ɖe Israel ŋu, ne wòana wòato eƒe anyigba dzi ayi o, eye Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yaza, eye wòwɔ ana kple Israel. 21 Tete Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso Sixon kple eƒe dukɔ blibo la de asi na Israel, eye wòsi wo. Ale Israel xɔ Amoritɔ, siwo nye anyigba dzi towo la, ƒe anyigba blibo la wòzu wo to. 22 Eye woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba blibo la tso Arnon nu vaseɖe Yabok nu, tso gbedzi vaseɖe Yordan nu. 23 Yehowa, Israel ƒe Mawu la, nyã Amoritɔwo ɖa le eƒe dukɔ Israel ŋgɔ tso, hafi wòa nèbe, yeaxɔe wòanye tɔ wòa? 24 Me wò mawu Kemos xɔ nane na wò la, eya nye tewò, ke amesiwo katã Yehowa, mía Mawu, nyã le mía ŋgɔ la ƒe anyigba enye mía tɔ. 25 Wòe nye ame wu Moab-fia Balak, Zipor vi la? Ɖe wòwɔ dzre kple Israel alo wɔ aʋa kplii kpɔa? 26 Esi Israel nɔ Xesbon kple eƒe duwo, Aroer kple eƒe duwo, kpakple du, siwo katã le Arnon nu me, ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ enye si la, nukaŋuti mienyã wo le ɣeyiɣi siawo me kpɔ o? 27 Nyemeda voa ɖeke ɖe ŋuwò, hafi wòa nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe ŋunye hehe, yeawɔ aʋa kplim o. Yehowa, nye ʋɔnudrɔ̃la, nadrɔ̃e na Israel-viwo kple Amon-viwo egbea! 28 Ke Amon-viwo ƒe fia meɖo to Yefta ƒe nya, siwo wògblɔ ɖo ɖee la o. Yefta ɖu Amon-viwo dzi, eye wòɖe adzɔgbe. 29 Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase heva Mizpe-Gilead; eye woho tso Mizpe-Gilead ɖe Amon-viwo ŋu. 30 Eye Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne ètsɔ Amon-viwo ɖe asi nam vava, 31 eye megbɔ tso Amon-viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nusianu, si ke ado tso aƒenye me ava kpena la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe. 32 Tete Yefta ho aʋa ɖe Amon-viwo ŋu, eye Yehowa tsɔ wo ɖe asi nɛ. 33 Eye wòsi wo tso Aroer vaseɖe Minit heva ke ɖe Abel-Keramim, wole; du blave, eye wòɖu wo dzi vevie ŋutɔ. Ale wobɔbɔ Amon-viwo, ɖe anyi le Israel-viwo ŋku me. 34 Eye esi Yefta gbɔ va aƒe le Mizpa la, kpɔ ɖa, vianyɔnu tsɔ axatsɛ le ɣe ɖum va kpee; ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke megale esi o, eyae nye eƒe tesi. 35 Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o! 36 Tete wòɖo ŋu nɛ bena: Fofonye, ne èke nu na Yehowa la, ekema wɔm, abe alesi do tso wò nu me ene, elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ, siwo nye Amon-viwo, na wò! 37 Eye wògblɔ na fofoa bena: Wɔ esia ko nam: Ɖe mɔ nam dzinu eve, ne mia kple xɔ̃nyewo míayi towo dzi aɖafa nye ɖetugbinyenye! 38 Eɖo ŋu bena: Heyi! Ale wòɖe mɔ nɛ dzinu eve, eye eya kple xɔlɔ̃wo yi ɖafa eƒe ɖetugbinyenye le towo dzi. 39 Esi dzinu evea nu yi la, egbugbɔ va fofoa gbɔ, eye wòwɔ nyɔnuvi la, abe alesi wòɖe adzɔgbee ene. Ke ŋutsua ɖeke mede asi eŋu kpɔ o. Eye wòtrɔ zu kɔnu le Israel ƒe sia ƒe 40 be, Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu ŋkeke ene le ƒe ɖeka me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana