Ɖelawo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ʋɔnudrɔ̃lawo: Tola kple Yair ŋu nya. 1 Le Abimelex megbe la Isaxartɔ Tola, si nye Pua, Dodo vi ƒe vi ɖo, be yeaxɔ na Israel, eye wònɔ Samir le Efrayim-to la dzi. 2 Eye esi wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blave vɔ etɔ̃ sɔŋ megbe la, eku, eye woɖii ɖe Samir. 3 Eya megbe Gilead-tɔ Yair do, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blave vɔ eve sɔŋ. 4 Ŋutsuvi blaetɔ̃ nɔ esi, siwo do tedzivi blaetɔ̃, eye du blaetɔ̃ nɔ wo si, esiwo woyɔna be Yair-kɔƒewo vaseɖe egbe, wole Gilead-nyigba dzi. 5 Eye Yair ku woɖii ɖe Kamon. Filistitɔwo kple Amon-viwo ɖe fu na Israel-viwo. 6 Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o. 7 Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amon-viwo. 8 Eye wote Israel-vi, siwo katã nɔ Yordan ƒe go keme dzi le Amoritɔ, siwo nɔ Gilead ƒe anyigba dzi la, ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu tso ƒe ma dzi ƒe wuienyi sɔŋ. 9 Eye Amon-viwo tso Yordan, be woawɔ ana kple Yuda kple Benyamin kpakple Efrayim-viwo, eye Israel ɖo xaxa me. 10 Eyata Israel-viwo ɖo ɣli yɔ Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, elabena miegblẽ miaƒe Mawu ɖi hesubɔ Baalwo. 11 Tete Yehowa gblɔ na Israel-viwo bena. Esi Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amon-viwo kple Filistitɔwo, 12 Zidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maontɔwo ɖe fu na mi, eye miedo ɣli yɔm la, nyemexɔ na mi oa? 13 Ke miawo mìegblẽm ɖi hesubɔ mawu bubuwo, eyata nyemegale mia ɖe ge azɔ akpɔ o. 14 Miyi ɖado ɣli yɔ mawu, siwo mieha, ne woaxɔ na mi le miaƒe xaxaɣiwo me! 15 Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko! 16 Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o. 17 Eye Amon-viwo kpe ta heva ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead, eye Israel-viwo hã kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Mizpa. 18 Tete Gileadtɔwo ƒe amegãwo gblɔ na wo bena: Amesi ayi aɖakpe aʋa kple Amon-viwo gbã la, eya anye natɔ ɖe Gileadtɔwo nu! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana