Ɖelawo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda-to de asi aʋawɔwɔ me le Yosua fe ku megbe. 1 Le Yosua ƒe ku megbe la Israel-viwo bia Yehowa bena: Mia dometɔ kae atre hoho ayi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo? 2 Tete Yehowa gblɔ bena: Yuda neho yi; kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la de asi nɛ! 3 Eye Yuda gblɔ na nɔvia Simeon bena: Ho kplim, míayi nye anyigba dzi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo, ekema nye hã makpe ɖe ŋuwò, míayi tɔwo dzi! Tete Simeon yi kplii. 4 Eye esi Yuda ho yi la, Yehowa tsɔ Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo de asi na wo, eye wowu ame akpe ewo sɔŋ le Bezek. 5 Wova kpe Adoni-Bezek le Bezek, eye wowɔ aʋa kplii heɖu Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo dzi. 6 Ke Adoni-Bezek si, eye woti eyome ɖalée, eye wolã eƒe asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo. 7 Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo. 8 Eye Yuda-viwo wɔ aʋa kple Yerusalem, woxɔe, eye wowu wo kple yi hetɔ dzo du lã. 9 Emegbe Yuda-viwo ho yi ɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔ, siwo le towo dzi kple dziehe kpakple gbadzaƒe. 10 Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi. 11 Eyome woho aʋa tso afisia ɖe Debirtɔwo ŋu; tsã la woyɔ Debir bena Kiryat-Sefer. 12 Tete Kaleb gblɔ bena. Amesi aɖu Kiryat-Sefer dzi, eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Axsa ne wòaɖee. 13 Eye esi Otniel, Kaleb ƒe tsɛ, Kenas ƒe vi, xɔe la, etso via Axsa nɛ woɖee. 14 Eye esi wokplɔe la, nyɔnu la ɖo dalĩ nɛ be, yeabia agble ye fofo, eye wòɖi tso tedzi la dzi, Tete Kaleb biae bena: Nya kae le asiwò? 15 Eɖo ŋu nɛ bena: Yram, etsɔ dziehenyigba nam xoxo, eyata tsɔ tsivudoawo hã nam! Tete Kaleb tsɔ vudo, siwo le to dzi kple bali me la nɛ. 16 Eye Mose nyo, Keni ƒe viwo kpakple Yuda-viwo, ʋu tso devedu la me yi Yuda-gbedzi, si le Arad ƒe dziehe gome, eye wova no dukɔ la dome. 17 Eye Yuda ho kpe ɖe nɔvia Simeon ŋu wova ɖu Kanaanitɔ, siwo no Zefat la dzi, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi hena ŋkɔ ɖu la bena Xorma. 18 Eye Yuda xɔ Gaza kple eƒe anyigba, Askalon kple eƒe anyigba kpakple Ekron kple eƒe anyigba. 19 Eye Yehowa nɔ kple Yuda, ale be wòte ŋu xɔ to la, ke mete ŋu nyã amesiwo nɔ bali me la ɖa o, elabena gatasiaɖamwo le wo si. 20 Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima. Womenya Kanaanitɔwo katã o. 21 Ke Benyamin-viwo menya Yebusitɔ, siwo nɔ Yerusalem la ɖa o; eyata Yebusitɔwo kple Benyamin-viwo tsaka le Yerusalem vaseɖe egbe? 22 Yosef-viwo ho yi Betel, eye Yehowa nɔ kpli wo, 23 Eye Yosef-viwo na woyi ɖatsa ŋku le Betel; tsã la woyɔ du la bena Luz. 24 Tete ŋkutsalawo kpɔ ŋutsua ɖe ɖo tso dua me, eye wogblɔ ne bena: Fia mɔnu, si míato age ɖe dua me la mí, ekema míave nuwò. 25 Tete wòfiã dua me mɔnu wo, eye wowu duametɔwo kple yi; ke woɖe asi le ŋutsu la kple eƒe ƒometɔwo katã ŋu. 26 Eye ŋutsu la yi ɖatso du ɖe Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòna ŋkɔe be Luz; ŋkɔ sia tsi eŋu vaseɖe egbe. 27 Eye Manase mexɔ Bet-Sean kple eƒe duwo, Tanax kple eƒe duwo, Dortɔwo kple woƒe duwo, Yibleamtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo o, eyata Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ. 28 Ke esi ŋusẽ do Israel ŋu la, ena Kanaanitɔwo wo do nɛ yaka, eye womenyã wo o. 29 Eye Efrayim hã menya Kanaanitɔ, siwo nɔ Gezer la ɖa o; eyata Kanaanitɔwo tsi wo dome le Gezer. 30 Zebulon menya Kidrontɔwo kple Nahaloltɔwo o; eyata Kanaanitɔwo tsi wo dome, ke wowɔ dɔ na wo yaka. 31 Aser menya Akotɔwo, Zidontɔwo, Axlabtɔwo, Axzibtɔwo, Xelbatɔwo, Afiktɔwo kple Rexobtɔwo o; 32 eyata Aser-viwo nɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo la dome, elabena womenyã wo da o. 33 Eye Naftali menya Bet-Semestɔwo kple Bet-Anattɔwo ɖa o, eye wònɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo la dome; ke Bet-Semestɔwo kple Bet-Anattɔwo wɔ dɔ na wo yaka. 34 Amoritɔwo nyã Dan-viwo ɖo ɖe towo dzi, eye womèna be, woava bali me o. 35 Eye Amoritɔwo do dzi nɔ Xeres-towo dzi kple Ayalon kpakple Saalbim bɛ. Ke esi Yosef-viwo ƒe alɔ va kpe wo dzi la, wowɔ dɔ na wo yaka. 36 Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim-to dzi mɔ gbɔ kple Sela hemlo ɖe nu yii. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana