Daniel 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Daniel kpɔ ŋutega le xexeme fiaɖuƒe eneawo kple amegbetɔvi la ƒe baɖuƒe mavɔ la ŋuti. 1 Le Babel-fia Belsazar ƒe ƒe gbãtɔ me la Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutega le eƒe aba dzi; eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi hexlẽ nu vevitɔwo fia. 2 Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu. 3 Lã gã ene do tso atsiaƒu la me, eye woto vovo tso wo nɔewo gbɔ. 4 Gbãtɔ ɖi dzata, eye wòto aʋala abe hɔ̃ ene; meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotu aʋala te eŋu, eye wokɔe dzi tso anyigba hetsɔe ɖo afɔ dzi abe amegbetɔ ene, eye wona ame ƒe dzii. 5 Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe! 6 Eyome meɖo ŋku anyi hekpɔ lã bubu wòɖi lãkle, eye wòto aʋala ene ɖe mẽdome abe xevi ene; lã la to ta ene, eye wona ŋusẽe. 7 Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo. 8 Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃. 9 Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. 10 Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo. 11 Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe. 12 Woxɔ ŋusẽ le lã mamleawo hã si, eye woɖo agbenɔɣi na wo vaseɖe ɣeyiɣi kple gaƒoƒo dzi. 13 Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. 14 Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o. 15 Nye Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye, eye ŋutega, si mekpɔ la, do ŋɔdzi nam. 16 Mele de amesiwo tsi tre ɖi la dometɔ ɖeka ŋu, eye mebia nyae le nusiawo katã ŋu tsitotsito, eye wògblɔe nam heɖe nusiawo gɔme nam be: 17 Lã gã eneawo nye fia ene, siwo le anyigba dzi va ge. 18 Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe. 19 Emegbe mebia nyee tsitoo le lã enelia, si to vovo tso bubuawo katã gbɔ, ŋɔdzi kple vɔvɔ le eŋu, eƒe aɖuwo nye gayibɔ, eye eƒe fewo nye akɔbli, eɖu nu gbã nu hefãnya mamlea kple afɔ; 20 dzo ewo, siwo le eta, eye wo ame etɔ̃ tu le wo ŋu, kple dzo bubu, si to, eye ŋkuwo le eŋu, eto nu, si gblɔa nya gãgãwo, eye wòlolo wu bubuawo la ŋu. 21 Maɖo ŋku anyi kpɔ be, dzo keme awɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye wòɖu wo dzi. 22 Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la. 23 Ale wògblɔ esi: Lã enelia le fiaɖuƒe enelia nye ge le anyigba dzi, eye wòato vovo tso fiaɖuƒewo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la, eye wòafanyae ahagbãe gudugudu. 24 Dzo ewoawo gɔme enye si: Fia ewo adzɔ le fiaɖuƒe ma me, eye bubu adzɔ ɖe wo yome ato vovo atso gbãtɔwo gbɔ, eye wòabɔbɔ fia etɔ̃ ɖe anyi. 25 Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã. 26 Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi. 27 Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe. 28 Nyaawo seƒe enye si. Ke nye Daniel, nye tamesusuwo do ŋɔdzi nam, eye nye mo fu tititi; eye medzra nyaawo ɖo ɖe nye dzi me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana