Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Daniel 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Daniel te dzatawo ƒe ɖo me.

1 Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la, esime wòtsi xɔ ƒe blaade vɔ eve.

2 Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me.

3 Eɖo tatɔ etɔ̃ wo nu, amesiwo dome Daniel le; woawoe amegãwo nabu akɔnta na, ne fia la magaŋe ɖe eme o.

4 Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.

5 Tete tatɔawo kple amegãawo di nya le Daniel ŋu le dziɖunya gome, ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔa ɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o.

6 Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.

7 Tete tatɔwo kple amegãwo va fia la gbɔ bibibi, eye wogblɔ nɛ bena: Fia Dario nenɔ agbe tegbee!

8 Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me.

9 Eyata fia, ɖo kpe se la dzi, eye nade ŋkɔ ete be, tɔtrɔ maganɔ eŋu o ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu.

10 Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.

11 Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo nu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene.

12 Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me.

13 Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu.

14 Emegbe woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ke Daniel, amesi nye Yuda ƒe aboyoviawo dometɔ ɖeka la, meléa afɔ ɖe fia la kple se, si te wòŋlɔ ŋkɔ ɖo la ŋu o, eye wòdoa gbe ɖa gbe ɖeka zi etɔ̃.

15 Esi fia la se nya sia la, evee ŋutɔ, eye wòɖo be, yeaɖe Daniel; edze agbagba, vaseɖe esime ɣe ɖo to be, yeaɖee.

16 Tete ŋutsu mawo va fia la gbɔ bibibi gblɔ na fia la bena: Fia, nyae be, se wònye na Mediatɔwo kple Persiatɔwo be, se sia se kple ɖoɖo sia ɖoɖo, si dzi fia ɖo kpee la, tɔtrɔ megale eŋu o.

17 Tete fia la de se wokplɔ Daniel ɖaƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, neɖe wò!

18 Womli kpe va ɖo do la nu, eye fia la tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe amegãwo ƒe ŋkɔsigɛ tre enu, be nya bubua ɖeke magadzɔ ɖe Daniel dzi o.

19 Emegbe fia la yi eƒe fiasã me, eye wotsi nu dɔ, womekplɔ nyɔnu vɛ nɛ o, eye wòtsi zãdomadɔlɔ̃e.

20 Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ.

21 Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?

22 Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee!

23 Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o.

24 Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.

25 Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.

26 Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!

27 Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.

28 Eɖea ame, eye wòxɔna na ame, ewɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi, eyae nye amesi ɖe Daniel tso dzatawo si me.

29 Eme nyo na Daniel le Dario ƒe dziɖuɣi kple Persiatɔ Kores ƒe dziɖuɣi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan