Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Daniel 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Belsazar ƒe aglotutu, nuku nuŋɔŋlɔ ɖe gli ŋuu Daniel ɖe egɔme.

1 Fia Belsazar tu aglo gãa ɖe na eƒe amegã akpewo, eye wòno wein le ame akpeawo ŋku me.

2 Eye esi Belsazar mu aha la, eɖe se be, woaɖatsɔ sikanu kple klosalonu, siwo fofoa Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem la va, ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me.

3 Tete woɖatsɔ sikanu, siwo wofɔ le Mawu ƒe aƒe ƒe gbeɖoxɔ me le Yerusalem la vɛ, eye fia la kple eƒe amegãwo, srɔawo kple eƒe ahiãwo no nu le wo me.

4 Wono wein, eye wokafu mawu, siwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe.

5 Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la,

6 fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.

7 Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.

8 Enumake fia ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la, ne woahayi egɔme ɖe ge na fia la o.

9 Tete vɔvɔ ɖo fia Belsazar, eye eƒe mo fu tititi, eye dzidzi ƒo eƒe amegãwo.

10 Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!

11 Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,

12 elabena gbɔgbɔ triakɔ, sidzedze kple nunya le esi, eye wòdea drɔ̃ewo, adzowo kple nya manyatanuwo gɔme; eyama nye Daniel, amesi fia la tsa ŋkɔ na be Beltsazar. Eyata woayɔ Daniel va, ekema aɖe egɔme.

13 Tete wokplɔ Daniel vɛ na fia la. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wòe nye Daniel tso Yuda ƒe aboyovi, siwo fofonye fia kplɔ tso Yuda vɛ la domea?

14 Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.

15 Azɔ wokplɔ nunyalawo kple bokɔnɔwo vɛ nam, be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye woaɖe egɔme nam, ke womete ŋu de nu sia gɔme nam o.

16 Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.

17 Daniel ɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Wò nunanawo nenɔ anyi na wò, eye natsɔ wo na ame bubu! Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la, eye maɖe egɔme nɛ.

18 Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.

19 Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.

20 Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.

21 Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.

22 Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi.

23 Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.

24 Eyata wòdɔ asi sia ɖa, wova ŋlɔ nusia ɖo.

25 Nusi wòŋlɔ la enye si: Mene, mene, tekel, ufarsin.

26 Nye la gɔme enye si: Mene: Mawu xlẽ wò fiaɖuƒe, eye wòɖo nuwuwu na wò.

27 Tekel: Woɖa wò le nuɖanu me, ke èle hodzoe akpa.

28 Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.

29 Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.

30 Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan