Daniel 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nebukadnezar ƒe sedede le drɔ̃e bubu ŋuti kple egɔmeɖeɖe. 1 Nye Nehukadnezar menɔ aƒenye me bɔkɔɔ, eye meɖu agbe le nye fiasã me. 2 Meku drɔ̃e, eye wòna medze haha, nye tamesusuwo le nye aba dzi kple nye ŋutegawo na dzidzi ƒom. 3 Eye mede se be, woakplɔ Babel-nunyalawo katã vɛ nam, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. 4 Tete dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo va, eye meli drɔ̃e la na wo, ke womeɖe egɔme nam o. 5 Mlɔeba la Daniel, amesi lsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye meli drɔ̃e le nɛ be: 6 Wò Beltsazar, dzotɔwo ƒe tatɔ, wò amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le menye, eye nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me de wo o, gblɔ nye ŋutega, si mekpɔ le drɔ̃e me la, eye naɖe egɔme. 7 Ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi, enye si: Mede ŋku anyi, eye kpɔ da, atia de le anyigba titina, si kɔ ŋutɔ. 8 Ati la lolo, eye wòsesẽ, ekɔ ɖatɔ dziŋgɔli ke, eye wòvu vaseɖe anyigba blibo la ƒe mlɔenu. 9 Eƒe aŋgbawe nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wonye nuɖuɖu ne nuwo katã; gbemelãwo nɔ eƒe vɔvɔli te, dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, eye wonye ŋutilãwo katã. 10 Eye meɖo ŋku anyi le ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi la me, kpɔ ɖa, dzɔla kɔkɔea ɖe ɖi tso dziƒo 11 hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Milã ati la, eye mitso eƒe alɔwo, mido dzodzo eƒe aŋgbawo, eye mikaka eƒe tsetsewo hlẽ, minyiã gbemelãwo ɖa le ete kple dziƒoxewo ɖa le eƒe alɔwo me! 12 Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe. 13 Woaɖe amegbetɔ ƒe dzi le eme ahatsɔ la ƒe dzi nɛ, vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ. 14 Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu. 15 Esia nye drɔ̃e, si nye fia Nebukadnezar meku; Beltsazar, ɖe egɔme nam, elabena nunyala, siwo katã le nye fiaɖuƒe me la, mete ŋu ɖe egɔme nam o; ke wò la ale ŋu aɖe egɔme, elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò. 16 Tete Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar la ƒe nu tsi te se eye eƒe susuwo ɖo ŋɔdzi nɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ bena. Beltsazar, drɔe la kple egɔmeɖeɖe megadzi ŋɔ na wò o. Beltsazar ɖo eŋu gblɔ bena; Nye aƒem, drɔ̃e la neɖi wò ketɔwo ŋu, eye egɔmeɖeɖe neɖi wò futɔwo ŋu! 17 Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi, 18 eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la, 19 enye wò fia, amesi tri akɔ, eye ŋusẽ le ŋuwò, wò gãnyenye ɖatɔ dziŋgɔli, eye wò ŋusẽ ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke. 20 Eye esi fia la kpɔ dzɔla kɔkɔea de wòɖi tso dziƒo gblɔ bena: Milã ati la, eye migblẽe; ke mina eƒe takpoea natsi to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒoe, eye eya kple gbemelãwo naɖu nu, vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ la, 21 fia, egɔmeɖeɖe enye si, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe tameɖoɖo, si le nye aƒetɔ fia dzi va ge la, enye si: 22 Woanyã wò da la emegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana. 23 Eye esi wode se be, ati la ƒe takpoea nesusɔ la, eya nye be, wò fiaɖuƒe la atsi anyi na wò, ne nadze sii be, dziƒo si me ŋusẽ le. 24 Eyata fia, na nye adaŋudede nadze ŋuwò: Tsɔ dzɔdzɔenyenye ƒle wò nuvɔ̃wo me, eye natsɔ dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo ƒle wò vodadawo tae; amea ɖe menya nu o ãgbɔ ɖe eme eteƒe nadidi hĩ. Fia Nehukadnezar ƒe tsu kuku kple bɔbɔɖanyi. 25 Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi. 26 Le dzinu wuieve megbe, esime fia la le tsa ɖim le fiasã ta me le Babel la, 27 exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa? 28 Esi fia la mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, gbe ɖi tso dziƒo be: Fia Nebukadnezar, xɔ gbe se: Woxɔ fiaɖuƒe la le asiwò; 29 woanyã wo le amegbetɔwo dome, eye anɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, vaseɖe esime azã adre nu nava yi na wò, eye nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana. 30 Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene. 31 Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me. 32 Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o. 33 Nye mo gakɔ le ɣemaɣi, eye nye fiaɖuƒe ƒe bubu, nye ŋutikɔkɔe kple nye atsyɔ̃ gasu asinye; nye adaŋuɖelawo kple nye amegãwo di yonyeme mɔ, wogatsɔm ɖo nye fiaɖuƒe la nu, eye nye gãnyenye sɔ gbɔ ɖe dzi. 34 Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana