Daniel 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wotre nyagblɔdi la ŋu. 1 Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me. 2 Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ. 3 Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee. 4 Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi. 5 Eye nye Daniel mekpɔ ame bubu eve wole tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go keme. 6 Eye wo ɖometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena; Ɣeka ɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo? 7 Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me. 8 Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe? 9 Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi. 10 Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; eme vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye eme vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme. 11 Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke. 12 Woayra amesi ɖo dzi, eye ŋkeke akpe ɖeka alafa eta blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖo ɖee la. 13 Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana