Daniel 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Persia-fia, Aleksander Gã, Egipte kple Asiria-fia, vevietɔ Antiokus Epifania kple Kristo ƒe futɔ ŋuti. 1 Elabena makpe ɖe eŋu, ne manye xɔnamelɔ kple sitsoƒe nɛ le Mediatɔ Dario ƒe ƒe gbãtɔ me. 2 Eye azɔ mato nyateƒe la na wò. Kpɔ ɖa, fia etɔ̃ le dzɔdzɔ ge le Persia, eye enelia akpa ho ŋutɔ wu bubuawo katã; ne ŋusẽ ɖo eŋu la, atsɔ kesinɔnu ado adã bubuawo katã ɖe Hela-fiaɖuƒe la ŋu. 3 Eye fia sẽŋua ɖe ado ahatsɔ ŋusẽ gã aɖu dzii, eye wòawo nusi dze eŋu. 4 Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke hoŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o. 5 Ŋusẽ aɖo dziehefia ŋu, eye eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wu eyama, aɖu fia, eye eƒe fiaɖuƒe alolo. 6 Le ƒea ɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye dziehefia ƒe vinyɔnu ayi anyiebefia gbɔ, ne wòaɖe ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ aɖe asi le ɣemaɣi. 7 Ke alɔ adze atso eƒe ke me ɖe eteƒe; aho aʋa ahage ɖe anyiehefia ƒe mɔ̃ sesẽwo me, awɔ nu kple wo, eye wòaɖu dzi. 8 Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo. 9 Aƒo ɖe dziehefia ƒe fiaɖuƒe dzi, ke agagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi. 10 Viawo adze aʋa gɔme, eye woaƒo aoakɔ gãa ɖe nu ƒu fu, woava aƒo ɖe anyi ahagbagba ɖi, eye woagawɔ aʋa kplii vaseɖe eƒe mɔ sesẽwo gbɔ. 11 Dziehefia anyrã, eye wòaho ãɖawɔ aʋa kple anyiehefia, atsɔ aʋakɔ gãa ɖe adze aʋa ɖe eŋu, eye woatsɔ aʋakɔawo aɖe asi nɛ. 12 Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui de dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke maɖu dzi o. 13 Elabena anyiehefia agaƒo aʋakɔ nu ƒu wòalolo wu gbãlɔ, eye le ƒea ɖewo megbe la ava kple aʋakɔ gã kple aʋawɔnu gede. 14 Le ɣemaɣi la ame geɖewo atso de dziehefia ŋu, eye mia devi sẽŋutawo atso, be woano ŋutega la nava me, ke woadze anyi. 15 Anyiehefia ava aƒu kpo, eye wòaxɔ du sesẽ la; dzieheʋakɔ manɔ te o, eye eƒe ame tiatiawo mate ŋu ana te o. 16 Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye amea ɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu. 17 Ado ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye medze edzi nɛ o. 18 Atrɔ ɖe ƒukpewo ŋu, eye wòaxɔ geɖewo; ke aʋafiaa ɖe atsi eƒe vloɖoame la nu, eye magado vloe azɔ o. 19 Atrɔ ɖe eƒe anyigba ƒe mɔ̃ sesẽwo ŋu, ke aɖe goglomi adze anyi, eye womagakpɔe azɔ o. 20 Emegbe amea ɖe axɔ ɖe ete ƒe, eye wòana nudzɔdzɔxɔlawo natsa le fiaɖuƒe nyo la me; ke woawui le ŋkekea ɖewo megbe, menye le ɖɔmedzoe kple aʋa me o. 21 Ame ɖigbɔa ɖe axɔ ɖe efeƒe, amesi ŋu womeɖo fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖo o, ke aƒo ɖe anyi le vo me, eye wòatsa numevivinyawo axɔ fiaɖuɖu lae. 22 Akplɔ̃ aʋakɔ, siwo gbagba ɖi bibibi la, adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo hekpe ɖe nubabla la ƒe amegã hã ŋu. 23 Ne woɖu dzo kplii hã la, awɔ nu ɖe alakpa me, eye wòaho atsɔ ame ʋeea ɖewo aɖu dzii, 24 Aƒo ɖe anyigba la ƒe teƒe wɔnuwo le vo me, eye wòawɔ nusi fofoawo; kple tɔgbulawo mewɔ o, ama aboyonu, nuhaha kple kesinɔnu na wo, eye wòaɖo la me ɖe mɔ̃ sesẽwo ŋu ɣeyiɣia ɖewo. 25 Atso, aʋakɔ ga ado adã eƒe ŋusẽ kple dzi eteƒe nadidi ʋee, eye dziehefia atsɔ aʋakɔ gã, si teƒe mekɔ o la, aho aʋa de eŋu, ke manɔ te o, elabena woɖo nugbe ɖe eŋu. 26 Amesiwo ɖua nu le eƒe agba nu la, awui, woakplɔ eƒe aʋakɔ adzoe abe tɔsisi ene, eye ame geɖewo atsi aʋa. 27 Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la. 28 Atsɔ kesinɔnu geɖe atrɔ yi eƒe anyigba dzi; atsɔ eƒe tame edo nubabla kɔkɔe la ŋu, eye ne ewɔe vɔ la, alrɔ yi eƒe anyigba dzi. 29 Le ɣeyiɣi, si woɖo dzi la, agava ƒo ɖe dziehe-nyigba dzi, ke zi evelia manɔ abe zi gbãtɔ ene o. 30 Elabena Kititɔwo ƒe ʋuwo aho ɖe eŋu, dzi aɖe le eƒo, eye wòatrɔ ahado dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, eye wòawɔe aɖe goe; eye ne etrɔ yi aƒe la, atsɔ ŋku aɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋuti. 31 Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi. 32 Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe. 33 Dukɔ la ƒe ame nyanuwo afia nunya ame geɖewo; eye woatsi yi, dzo, gaxɔ kple nuxaxa si me eteƒe nadidi ʋee. 34 Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu. 35 Nunyalawo dometɔa ɖewo atsi aʋa ne woado wo akpɔ kple dzo, woakɔ wo ŋuti, ne wo me nadza vaseɖe nuwuɣi, si wodo ɖi la. 36 Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge. 37 Malé ŋku de fofoawo ƒe mawuwo ŋu o, eye malé ŋku de nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa kple mawu sia mawu ŋu o, ke boŋ atɔ asi akɔ ɖe nusianu ŋu. 38 Asuhɔ mawu, si le mɔ sesẽwo me la, ɖe wo teƒe, eye wòatsɔ sika kple klosalo, kpe xɔesiwo kple nu veviwo asubɔ mawu, si fofoawo menya o. 39 Atsɔ mawu tutɔ ƒe dukɔ ade ma sesẽwo me; ade bubu gã amesiwo xɔ ɖe edzi la ŋu, atsɔ wo aɖo amegã ɖe ame geɖewo nu, eye wòamã anyigba woanye fetu na wo. 40 Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi. 41 Ava anyigba nyo la dzi, eye ame nanewo atsi aʋa; ke Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu. 42 Ado eƒe asi ɖa ɖe anyigbawo ŋu, eye womaɖe Egipte-nyigba o. 43 Egipte ƒe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple nu veviwo katã anɔ esi me, eye Libitɔwo kple Kusitɔwo anɔ eye me. 44 Ase nya tso ɣedzeƒe kple anyiehe wòado ŋɔdzi nɛ, eye wòaho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ wo. 45 Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana