Daniel 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ɖeɖefia yeye. 1 Le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me la woɖe nyaa ɖe fia Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar; nya la nye nyateƒe kple nuxaxa gã; elé nya la ɖe ta me, eye wole ŋku ɖe ŋutega la ŋu. 2 Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ. 3 Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe. 4 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la menɔ Xidekel tɔsisi gã la te 5 Eye esi mefɔ kɔ dzi ɖo ŋku anyi la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le awu ɣi me, eye sika nyuliɔ ƒe alidziblanu le ali nɛ. 6 Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene. 7 Nye Daniel ɖeɖekoe kpɔ ŋutega sia, ŋutsu, siwo le ŋunye la, mekpɔ ŋutega lã o, ke boŋ ŋɔdzi gãa ɖe lé wo, eye wosi, be woaɣla wo ɖokui. 8 Eye nye ɖeka ko mesusɔ ɖi hafi kpɔ ŋutega gã sia, ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo ƒe nyonyome trɔ ɖe ƒomevii, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o. 9 Tete mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi; eye esi mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi la, ŋuzi tsɔm me tsyɔ mo anyi hetsɔ ŋku me bu anyigba. 10 Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi. 11 Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya. 12 Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va. 13 Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama. 14 Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo. 15 Eye esi wògblɔ nya siawo nam la, meɖe kɔ to, eye gbɔgblɔ bu ɖem. 16 Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. 17 Aleke nye aƒetɔ ƒe dɔla ate ŋu aƒo nu kple ame abe wo, nye aƒetɔ, ene? Elabena azɔ ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye gbɔgbɔa ɖeke megale menye o. 18 Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm 19 hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm! 20 Tete wògblɔ bena: Enye nusi ta meva gbɔwò doa? Azɔ magbugbɔ aɖawɔ ana kple Persia-amegã, eye ne medze la, ekema Hela-amegã le vava ge. 21 Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana