Amos 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tohehe dziŋɔ ava Israel dzi. 1 Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o. 2 Ne woyi tsieƒe ke hã la, nye asi ahe wo tso afima, eye ne wolia dziƒo la, maɖiɖi wo ɖe anyi tso afima. 3 Ne wobe ɖe Karmel ta me la, maɖi wo le afima ahe wo agbɔe, eye ne wosia ɖem ɖe atsiaƒu gɔme la, madɔ da woaɖu wo le afima. 4 Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la, madɔ yi woawu wo le afima; matso nye ŋku aɖo wo ŋu ɖe vɔ̃ me, eye menye ɖe nyui me o. 5 Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene; 6 eya amesi tu eƒe dziƒoxɔ ɖe dzi me, eye wòɖo eƒe xɔ goba gɔme anyi ɖe anyigba dzi, eya amesi yɔ atsiaƒu me tsiwo hetsɔ ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa! 7 Ale Yehowa gblɔ esi: De mi Israel-viwo, miele nam abe Kusiviwo ene oa? De nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi, Filistitowo tso Kaftor, eye Aramtɔwo tso Kir oa? 8 Kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku le fiaduƒe wonuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃e ɖa tso anyigba dzi; ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o, Yehowa ye gblɔe. 9 Elabena made se, eye woaʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome, abe alesi woʋuʋua asɔe, eye blikua ɖeke megena ɖe anyigba o ene. 10 Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wɔlawo katã aku ɖe yi nu, wo amesiwo le gbɔgblɔm bena: Dzɔgbevɔ̃e la matu mí o, eye maɖi kpe mí o. Ɣeyiɣi nyuia ɖe ŋugbedodo na Israel. 11 Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene; 12 ne woaxɔ Edom ƒe ame mamleawo kple dukɔ, siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, woanye wo tɔ; Yehowa, amesi le nusiawo wɔ ge lae gblɔe. 13 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye woanɔ agbleŋɔŋlɔ dzi ahade asi na nuŋeɣi, woanɔ weinfiafiã dzi ahade asi na nuƒãɣi, towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo katã aƒo beke. 14 Magaɖo nye dukɔ Israel te, eye woatso du zuaƒedowo anɔ wo me, woade weingblewo anɔ wo me wein, eye woatɔ abɔwo aɖu wo me kutsetsewo. 15 Made woƒe agunu to ɖe woƒe anyigba dzi, eye womagaho wo tso woƒe anyigba, si mena wo la dzi o, Yehowa, wò Mawue gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana