Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Amos 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel aɖi Mawu ƒe nya yome, gake magakpɔe o.

1 Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, kutsetse ɖiɖiwo yɔ kusia ɖe fũ.

2 Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.

3 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.

4 Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo;

5 mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;

6 míaƒle ame dahewo ɖe gã nu kple hiãtɔwo ɖe atokota ɖoɖo ɖeka nu, eye míadzra bli toto ɖe bli ŋutɔ teƒe?

7 Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be: Nyematsɔ woƒe nuwɔnawo katã ake wo akpa gbeɖe o!

8 De anyigba maʋuʋu, eye edzinɔlawo katã naxa nu le esia ta oa? Akɔ dzi glodzoo abe Nil, eye wòadze agbo agadze anyi abe Egipte-tɔsisi la ene.

9 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.

10 Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.

11 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke, menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.

12 Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye woanɔ tsatsam tso anyiehe yi ɣedzeƒe, ne woadi Yehowa ƒe nya, ke womakpɔe o

13 Le ɣemaɣi la tsikɔ awu ɖetugbi dzetugbeewo kple ɖekakpuiwo, eye gbafa aƒo wo;

14 wo amesiwo tà Samaria ƒe dzidada, eye wogblɔna bena: „Dan, míetà wò mawu ƒe agbe, eye míetà Beer-Seba-ma!“ Woadze anyi, eye womagafɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan