Amos 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋɔdzidodo na ŋkutatɔwo le Israel kple Yuda le woƒe agbeɖuɖu kple ɖokuidodo ɖe dzi ta. 1 Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana! 2 Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa? 3 Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ; 4 mi amesiwo mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye miedra ɖe mia mlɔƒewo, mieɖu alẽviwo le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me; 5 mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene; 6 mi amesiwo noa wein le vɔsatrewo me, eye miesa ami veviwo, eye Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na mi o! 7 Eyata mianɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me, eye amesiwo dra ɖe aba dzi la ƒe nukoko hahaha nu atso! 8 Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi. 9 Eye woava me be, ne ŋutsu ewo kpɔtɔ ɖe aƒe ɖeka me la, woaku; 10 eye ne woƒe ƒometɔ, amesi be, yeatɔ dzo wo la, va, be yeafɔ ame kukuawo tso aƒea me, eye wòbia amesi kpɔtɔ ɖe xogã me be: Amea ɖe gale gbɔwò hã, eye wòɖo ŋu be: Ɖeke megali o la, agblɔ be. Mia nu, ne womagaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o. 11 Elabena kpɔ, ɖa, Yehowa le se de ge, tete woagbã xɔ gãwo, eye xɔ suewo agba gudugudu 12 Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa 13 Mi amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nu maɖinuiwo ŋu, eye miele gbɔgblɔm be: De menye sesẽ mietsɔ to dzo ɖe ta oa? 14 Israel ƒe aƒe, ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Maɖo dukɔa ɖe ɖa ɖe mia ŋu, ne woaxaxa mi ɖo tso Xamat-nutowo me vaseɖe tɔʋu, si le gbegbe la nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana