Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Amos 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋɔdzidodo na Israel-amegãwo.

1 Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!

2 Aƒetɔ Yehowa tà eƒe dzɔdzɔenyenye be: Kpo ɖa, ŋkeke li gbɔna na mi, woaɖe mi kple ƒu, eye woatsɔ ʋã atɔ mia viwo.

3 Miato gli ƒe gbagbãƒe, amesiame akpɔ eŋgɔ te, eye miatsɔ miaƒe legbawo axlã ɖe anyi; Yehowa ye gblɔe!

4 Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! Misa miaƒe vɔwo ŋdi sia ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka sa vɔe ŋkeke etɔ̃etɔ̃.

5 Mina dzudzɔ nade dzi ɖe abolo ʋaʋã ŋu, ne wòanye akpedavɔsa; miɖe gbe ƒã be, woana nu faa, midee sesĩe, elabena alea vivia mi Israel-viwo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

6 Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.

7 Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.

8 Du eve kple du etɔ̃ wole ya mum sagãsagã yi du ɖeka me, be yewoano tsi, ke womeɖi kɔ o; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

9 Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

10 Mehe dɔvɔ̃ va mia dzi abe Egipte tɔa ene; mewu miaƒe ɖekakpuiwo kple yi, woha miaƒe sɔwo, eye miaƒe, asaɖa me ʋẽ kũ ɖo ŋɔti me na mi; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

11 Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

12 Eyata Israel, ale mele wɔ wò ge enye si: Esi mele esia wɔ ge wò la, eyata Israel, dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!

13 Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan