Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Amos 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le tohehe na dukɔ, siwo ƒo xlã Israel-viwo ŋuti

1 Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.

2 Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.

3 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.

4 Eyata mada dzo ɖe Xazael ƒe me, eye wòafia Ben-Hadad ƒe fiasãwo.

5 Maŋe Damasko ƒe gametiwo, eye amesiwo le nuvɔ̃bali me la kple amesi; lé fiatikplɔ ɖe asi le dzidzɔkpɔxɔwo me la, atsrɔ̃, eye woaɖe aboyo Aram-dukɔ la ayi Kir; Yehowa ye gblɔe!

6 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.

7 Eyata mada dzo ɖe Gaza ƒe gliwo dzi, ne wòafiã woƒe fiasãwo.

8 Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

9 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Tiro ƒe nu vɔ̃ɖi, wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo la, nyematsɔe akee o; elabena woɖe aboyo amewo keŋkeŋ ɖade asi na Edom, eye womeɖo ŋu nɔviwo ƒe nubabla la o.

10 Eyata mada dzo ɖe Tiro ƒe gliwo dzi, ne wòafiã woƒe fiasãwo.

11 Ale Yehowa gblɔ esi. Le Edom ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ yi ti nɔvia yome, eye wòmia ŋku ɖe nublanuikpɔkpɔ dzi na eɖokui, ele nu vuvum ɖaa le dɔmedzoe me, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa.

12 Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.

13 Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.

14 Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.

15 Eye Woƒe fia kple eƒe amegãwo siaa wòayi aboyo me; Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan