Dɔwɔwɔwo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Saul ti kristotɔwo yome. 1 Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o. 2 Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ. 3 Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me. 4 Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia. Filipo gblɔ mawunya le Samaria. (Ta 1, 8.) 5 Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo. 6 Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ. 7 Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu. 8 Eye wòzu dzidzɔ gãa ɖe le ɖu ma me. 9 Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Simon la, va nɔ dua me heka afa, eye wòna Samaria-dukɔ la ƒe nu ku, esi wògblɔ bena, ye ŋutɔe nye gã; 10 amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã. 11 Ke woku ɖe eŋu; elabena xoxoxo wòna woƒe nu ku le eƒe afakaka la ŋuti. 12 Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13 Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe. 14 Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ; 15 esi amesiawo va la, woɖo gbe ɖa ɖe wo la, bena woaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la. 16 Elabena medze ɖe wo dome amea ɖeke dzi haɖe o; negbe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi ko wode mawutsi ta na wo ɖo. 17 Tete woda asi ɖe wo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la. 18 Ke esi Simon kpɔ bena, to apostolowo ƒe asidada ɖe ame dzi me wona Gbɔgbɔ kɔkɔe la, etso ga vɛ na wo 19 gblɔ bena: Mina ŋusẽ sia nye hã, bena amesi ke dzi mada asi ɖo la, naxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la. 20 Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga. 21 Gome kple domenyinyia ɖeke mele nya sia me na wò o; elabena wò dzi medzo le Mawu ƒe ŋku me o. 22 Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò. 23 Elabena mekpɔ wò bena, èle veve helĩhelĩ kple nu madzɔmadzɔ ƒe babla me. 24 Eye Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Miawo la miɖe kuku na Aƒetɔ la ɖe tanye, bena nusiwo katã miegblɔ la ƒe ɖeke nagava dzinye o. 25 Azɔ woawo la, esi woɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogagbugbɔ va Yerusalem; eye wogblɔ nyanyuie la fia le Samaria ƒe kɔƒe geɖewo me. Etiopia fianyɔnu la ƒe nuwo dzikpɔla trɔ dzime. 26 Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi. 27 Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da; 28 ke esi wògagbugbɔ, eye wòbɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me la, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm. 29 Eye Gbagba la gblɔ na Filipo bena: Te ɖe ŋu, eye natsɔ ɖokuiwò akpe ɖe tasiaɖam sia ŋu. 30 Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema? 31 Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ. 32 Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o. 33 Le eƒe bɔbɔɖeanyi me woɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa: Ameka axlẽ eƒe dzidzime afia mahã? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa tso anyigba dzi.“ 34 Eye aƒedzikpɔla la ɖo ŋu na Filipo gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo, ye ŋutɔ ŋuti loo alo ame bubua ɖe ŋutie mahã? 35 Eye Filipo ke nu, eye wòdze gome tso ŋɔŋlɔ sia dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyuie la fiae. 36 Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã? 37 Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la. 38 Eye wòna woto tasiaɖam la, eye woa kple eve la katã, Filipo kple aƒedzikpɔla la, woɖi ɖe tsi la me, eye wòde mawutsi ta nɛ. 39 Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ. 40 Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana