Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Stefano ƒe nyagbɔgblɔ kplu kpeƒuƒui, eƒe ŋutegakpɔkpɔ.

1 Azɔ nunɔlagã la gblɔ bena: Ele me nenema?

2 Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran,

3 eye wògblɔ nɛ bena: „Ʋu tso wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi.“

4 Tete la esi wòdo go tso Kaldea-nyigba dzi la, eva nɔ Xaran; le fofoa ƒe ku megbe la ena wòʋu va anyigba sia, si dzi miele azɔ la dzi;

5 eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o.

6 Ke ale Mawu ƒo nu enye esi bena, eƒe dzidzimeviwo anye amedzrowo le dzronyigba dzi, eye woawo wo kluviwoe, eye woasẽ ŋutɔ le wo ŋu ƒe alafa ene sɔŋ.

7 Eye dukɔ, si woanye kluviwo na la, nye la madrɔ̃ ʋɔnui, Mawue gblɔe. Eye nusiawo megbe la woaɖo go, eye woasubɔm le teƒe sia.

8 Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.

9 Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,

10 eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.

11 Eye dɔwuame va Egipte kple Kanaan-nyigba blibo la katã dzi kple xaxa gãa ɖe, eye mía fofowo mekpe nuɖuɖu o.

12 Eye esi Yakob se bena, bli le Egipte la, edo mía fofowo ɖa zi gbãtɔ.

13 Eye zi evelia Yosef na nɔviawo dze sii, eye Farao hã va nya Yosef ƒe ƒome.

14 Eye Yosef do woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã, wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ ne.

15 Eye Yakob dzo yi Egipte, eye woku, eya ŋuta kple mía fofoawo;

16 eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.

17 Ke esi ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi, si dzi Mawu kã ɖo na Abraham ɖo la, dukɔ la dzi, eye wosɔ gbɔ le Egipte,

18 vaseɖe esime fia bubu tsi tre le Egipte, amesi menya Yosef o.

19 Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o.

20 Le ɣemaɣi me la wodzi Mose, eye wòdze ɖeka le Mawu ƒe ŋku me, eye wònyii te fofoa ƒe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ:

21 ke esime woɖee ɖa la, Farao ƒe vinyɔnuvi la fɔe, eye wònyii, be wòanye eya ŋuta via.

22 Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.

23 Eye esi wòxɔ ƒe blane la, eɖo tame be, yeaɖakpɔ nɔvia Israel-viwo ɖa.

24 Eye esi wòkpɔ be, wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu la, exɔ nɛ, eye wòɖo hlɔ̃ ɖe aka na amesi wote ɖe anyi, esi wowu Egiptetɔ la;

25 eye wobu xa bena, nɔvia wo ase egɔme bena, Mawu ato yeƒe asi dzi ana ɖeɖe wo; ke womese egɔme o.

26 Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“

27 Ke amesi le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe xɔlɔ̃via ŋu la, tu asii ɖa gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula alo ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi mahã?

28 De nebe, yeawu nye hã, abe alesi newu Egiptetɔ la etso enea?“

29 Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le.

30 Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me.

31 Eye esi Mose kpɔe la, eƒe mo wo yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti, ke esi wote ɖe eŋu, be yeakpɔe nyuie la, Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi va: egbɔ bena:

32 „Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.“ Ke Mose dzo nyanyanya, eye medo dzi be, yeakpɔe nyuie o.

33 Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: „Ɖe atokotawo le wò afɔ; elabena afisi nèle tsi tre ɖo la, anyigba kokoe ye.

34 Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“

35 Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.

36 Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.

37 Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“

38 Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;

39 amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me

40 hegblɔ na Aron bena; „Wo mawu, siwo azɔ mia ŋgɔ la, na mi: elabena Mose sia, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi wòe o.“

41 Eye wowɔ nyivi le ŋkeke mawo me, eye womè nu na legba, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.

42 Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?

43 Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“

44 Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene.

45 Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,

46 amesi kpɔ amenuveve le Mawu ƒe ŋku me, eye wòɖe kuku bena, yeakpɔ nɔƒea ɖe na Yakob ƒe Mawu la.

47 Ke Salomo tu xɔ ne:

48 Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena:

49 „Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?

50 Alo menye nye asie wɔ nusiawo katã oa?“

51 Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.

52 Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;

53 mi amesiwo xɔ se la le mawudɔlawo ƒe ɖoɖo nu, eye mielé wo me ɖe asi o.


Stefano ƒe ku.

54 Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.

55 Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.

56 Ke woawo do ɣli kple gbe sesẽ, eye woxe asi to me, eye wolũ ɖe edzi kple tame ɖeka, eye wotu asi ʋume nɛ do go le dua me, eye woƒu kpee;

57 eye ɖaseɖilawo da woƒe awuwo ɖe ɖekakpuia ɖe, si woyɔna be Saul la ƒe afɔ nu.

58 Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!

59 Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan