Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Anania kple Safira.

1 Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Anania, kple srɔ̃a Safira wotsɔ anyigba dzra,

2 eye wotsɔ ga la ƒe ɖe ɣla, nusi me srɔ̃a hã nya, eye wotsɔ eƒe ɖe va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu.

3 Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?

4 Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.

5 Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.

6 Eye ɖekakpuiawo tsi tre, eye wodzrae ɖo, eye wotsɔe do go yi ɖaɖi.

7 Eye wòva me anɔ ga ƒoƒo etɔ̃ megbe, eye srɔ̃a, si menya nusi va dzɔ o la, va me.

8 Eye Petro xɔ dzi nɛ bena: Gblɔe nam, nenye nenemae miedzra anyigba la xɔ. Ke eya gblɔ be: Ẽ, nenemae.

9 Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.

10 Tete wòdze anyi enumake ɖe eƒe afɔ nu, eye eƒe agbe nu tso. Eye esi ɖekakpuiawo va me la, wokpɔ bena, eku, eye wotsɔe do go ɖaɖi ɖe srɔ̃a gbɔ.

11 Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi.

12 Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me.

13 Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ.

14 Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ;

15 nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi.

16 Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.


Apostoloawo léle de naxɔ me kple wo ɖeɖe.

17 Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã.

18 Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.

19 Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:

20 Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.

21 Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.

22 Ke esi atikplɔtɔwo de, eye womekpɔ wo le gaxɔa me o la, wogbugbɔ va gblɔ bena:

23 Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o.

24 Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?

25 Ke amea ɖe va ka eta na wo bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, siwo mietsɔ de gaxɔ me la, wole tsitre ɖe mawuxɔ me, eye wole nu fiãm dukɔ la.

26 Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.

27 Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena:

28 Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.

29 Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.

30 Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti.

31 Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.

32 Eye miawo la nya siawo ƒe ɖaseɖilawo míenye kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Mawu na amesiwo ɖoa toe.

33 Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


Gamaliel ƒe aɖaŋu.

34 Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.

35 Eye wògblɔ na wo bena; Israel-ŋutsuwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nusi wo ge miala ɖe ame siawo ŋuti la ŋuti.

36 Elabena hafi ŋkeke siawo naɖo la, Teuda tsi tre gblɔ bena, ye enye amea ɖe, amesi ŋu ŋutsuwo woanɔ alafa ene ku ɖo; wowu eya, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ, eye meva zu naneke o.

37 Amesia megbe la Yuda, Galileatɔ la, tsi tre le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me, eye wòhe ame geɖe ɖe eɖokui ŋu, ame ma hã tsrɔ̃, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ.

38 Eye azɔ la mele egblɔm na mi bena: Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo da sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ;

39 ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.

40 Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.

41 Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.

42 Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan