Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Petro kple Yohanes dede gaxɔ me; woƒe ɖokuinuɖeɖe le amegãwo ƒe ŋku me kple asiɖeɖe le wo ŋu.

1 Ke esi wole nu ƒom na dukɔa la, nunɔlawo kple mawuxɔdzikpɔla kpakple zadukitɔwo do ɖe wo dzi,

2 le esi wòve wo bena, wole nu fiãm dukɔ la, eye wole tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gblɔm fia le Yesu ŋuti la ta.

3 Eye woɖo asiwo wo dzi, eye wode wo gaxɔ me, vaseɖe ŋu ke; elabena fiẽ ɖo hafi.

4 Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.

5 Eye wòva me le ŋdi bena, woƒe dziɖulawo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe Yerusalem,

6 kple Hana, nunɔlagã, kpe ɖe Kayafa kple Yohanes kple Aleksandro ŋuti kple ame geɖe alesi nu tso nunɔlagã ƒe ƒome la me.

7 Eye esi wotso wo ɖo titina la, wòbia bena: Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?

8 Tete Petro, amesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, gblɔ na wo bena: Mi dukɔ la ƒe dziɖulawo kple Israel-amegãwo!

9 Ne wòdra ʋɔnu mí egbe le do nyui, si wowɔ na dɔnɔ la ta be, to ameka dzi amesia kpɔ lãmesesẽ la,

10 ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.

11 Esia nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya tra zu dzogoekpe.

12 Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.

13 Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.

14 Eye esi wokpɔ amesi ŋu woda gbe le, le tsitre ɖe wo gbɔ la, nyaa ɖeke mele wo si woagblɔ ɖe eŋuti o.

15 Ke esi wona wodo go tso ʋɔnua me la, wode adaŋu le wo nɔewo dome gblɔ bena: Nuka miawɔ ame siawoa?

16 Elabena vavã, dzesi, si wowɔ la, amewo nyae, eye wòdze ƒã na amesiwo katã nɔ Yerusalem; eye miate ŋu asẽ nu le eŋu o.

17 Gake bena wòagakaka ɖe dzi le dukɔ la dome o la, mina míado ŋɔdzi na wo vevie, bena ne womagaƒo nu le ŋkɔ sia ŋuti na amea ɖeke o.

18 Eye esi woyɔ wo vɛ la, wode se na wo bena, woagagblɔ nyaa ɖeke alo afia nu hã le Yesu ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.

19 Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!

20 Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o.

21 Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.

22 Elabena amesi ŋu wowɔ dɔyɔyɔdzesi sia le la, xɔ ƒe wowu ƒe blane.


Hametɔwo ƒe gbedodoɖa.

23 Eye esi woɖe asi le wo ŋu la, wova wo tɔwo gbɔ, eye woxlẽ nusiwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ na wo la, fia wo.

24 Eye esi wosee la, wokɔ woƒe gbe dzi na Mawu kple tame ɖeka gblɔ bena: Aƒetɔ, wòe nye Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã la.

25 Wò amesi gblɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me le mía fofo Dawid, wò dɔla, ƒe nu me bena: „Nukaŋuti trɔ̃subɔlawo le nyanyrãm, eye dukɔwo le tame ʋum dzodzro?

26 Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe Aƒetɔ kple eƒe Kristo ŋu.“

27 Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,

28 be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.

29 Eye azɔ, Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã,

30 le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.

31 Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.


Hametɔwo ƒe ɖekawɔwɔ.

32 Eye xɔsetɔwo ƒe ha ƒe dzi kple luʋɔ le ɖeka, eye wo dome amea ɖeke meyɔa nusiwo le esi la be ye tɔ o; ke nuwo katã nye hamenu na wo.

33 Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi.

34 Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ,

35 eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.

36 Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,

37 eye esi wòtsɔe dzra la, etsɔ ga la va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan