Dɔwɔwɔwo 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woxɔ wo nyuie le Melite. 1 Eye miekpɔ ɖeɖe, hafi nyae bena, Melite woyɔna na ƒukpo la. 2 Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti. 3 Ke esi Paulo fɔ nake wuwluiwo ƒo ƒu heɖe dzo me la, da do tso wo me le dzoxɔxɔ la ŋuti, eye wòlé ɖe eƒe asi ŋu. 4 Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o. 5 Gake eya ʋuʋu lã la ɖe dzo la me, eye nu vevia ɖeke mewɔe o. 6 Ke woawo le mɔ kpɔm nɛ bena, ate alo adze anyi aku enumake; eye esi wolala ʋuu, eye wokpɔ bena, naneke mewɔe o la, wotrɔ woƒe tamesusu hegblɔ be, mawua ɖee. Paulo fe nukunuwɔwɔwo. 7 Eye le afima nuto me la anyigbae ɖe li, si nye ƒukpo la ƒe amegã, si ŋkɔ nye Publio la tɔ; eya xɔ mí nyuie hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8 Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe. 9 Azɔ esi esia va me la, ame mamlɛ, siwo le dɔwo lém le ƒukpoa dzi la, hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ wo, 10 amesiwo hã bu mí geɖe ŋutɔ, eye esi miele dzodzo ge la, wotso nusiwo le mia hiãm la na mí. Paulo ƒe Roma vava kple eƒe dɔwɔwɔ le afima. 11 Eye le ɣleti etɔ̃ megbe la mieɖo Aleksandria-ʋua ɖe, si nɔ afima le vuvɔŋɔli me, eye eƒe dzesie nye Venɔviwo, eye mieho. 12 Eye esi miedze ɖe Sirakusa la, mieno afima ŋkeke etɔ̃. 13 Eye tso afima miegbɔ mɔ heva Regio, eye le ŋkeke ɖeka megbe la dzieheya ƒo, eye le ŋkeke evelia dzi la mieva Puteoli. 14 Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma. 15 Eye esi nɔvi, siwo le afima la, se mia ŋkɔ la, wova kpe mi le keke Apiforo kple Tretaberne ke; esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo. 16 Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu. 17 Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o. 18 Eye woawo la, esi wodrɔ̃ ʋɔnum la, wodi bena, yewoaɖe asi le ŋunye, elabena womekpɔ naneke, si dze ku le ŋunye o. 19 Ke esi Yudatɔwo le nya gblɔm ɖe eŋuti la, ele nam ko be, matsɔ nye nya la ade kaisaro si me; menye bena, ɖe nyaa ɖee le asinye be, matsɔ atso nye dukɔ la nu o. 20 Le nya sia ta meyɔ mi vɛ, bena makpɔ mi, eye ne maƒo nu kpli mi; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ ta wòbiam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo. 21 Eye woawo gblɔ nɛ bena: Miawo ta miexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔa ɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o. 22 Ke miele didim bena, miase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena miese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi. 23 Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ. 24 Eye amea ɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se, eye amea ɖewo mexɔe se o. 25 Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena: 26 „Yi dukɔ sia gbɔ, eye nagblɔ bena: To tsɔ ge miala ase nui, ke miele egɔme se ge o, eye ŋkuwo tso ge miala akpa nui, ke miele si dze gee o. 27 Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“ 28 Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe. 29 Eye esi wògblɔ esiawo la, Yudatɔwo dzo, eye nusesẽ geɖe ɖo wo dome. 30 Ke Paulo nɔ anyi ƒe blibo eve sɔŋ le ye ŋuta ƒe xɔ, si wòɣe la me; eye wòxɔa amesiwo katã va egbɔ, 31 eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbe ƒã ɖem; eye wòle nu fiãm le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ, eye amea ɖeke mexea mɔ nɛ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana