Dɔwɔwɔwo 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wokplɔ Paulo yi Roma abe gatɔ ene; ʋu gbã ɖe wo gake wokpɔ ɖeɖe, eye wode Melite. 1 Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si. 2 Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu. 3 Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme. 4 Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem. 5 Eye esi mieto Kilikia-kple Pamfilia-ƒu me yi vɔ la mieva Mira le Likia. 6 Eye afima aʋafia la kpɔ Aleksandria-ʋua ɖe, si yina ɖe Italia, eye wòna mieɖoe. 7 Eye esi miezɔ blewu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi mieva ɖo Knido kasa la, ya la mena mɔ mí o, eye mieto Kreta ƒe anyiehe va ɖo Salmone kasa, 8 eye bebli hafi mieto ƒuta la ŋu heva afia ɖe, si woyɔna be ʋudzeƒenyuie, si te ɖe Lasea-du la ŋu. 9 Eye esi ŋkeke geɖe va yi, eye ƒudzizɔzɔ zu ŋɔdzi azɔ, elabena nutsitsidɔ-ŋkekewo va yi xoxo la, 10 Paulo de dzi ƒo na wo gblɔ, bena: Mia tɔwo, mekpɔ bena, ƒudzidzɔzɔ la le dzi yi ge kple fuɖeɖe kpakple nugbegblẽ geɖe, si menye ʋuamenuwo kple ʋua ɖeɖeko dzi wòava o, ke boŋ mia ŋutɔwo ƒe agbe hã dzie. 11 Gake aʋafia la xɔ kuɖɔɖola kple ʋutɔ la dzi se wu nusiwo Paulo gblɔ la. 12 Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me. 13 Eye esi dzieheya ƒo bɔbɔe la, wobu xa bena, yewoƒe tameɖoɖo la le eme va ge, eye woho seke heho to Kreta ŋku me kekeake. 14 Eye medidia ɖeke o, tete ahom, si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya la, ƒo kpe mí, 15 eye esi wòle ʋu la hem yinae, eye mete ŋu le ya kpem o la, miena mɔe, eye wotsɔ mí. 16 Eye esi ʋu la ɖi du to ƒukpo suea ɖe, si woyɔna be Klauda, ƒe anyiehe la, miedze agbagba ŋutɔ hafi te ŋu lé batala la; 17 eye esi wohee ɖe dzi la, wotsɔ ka to ʋua te heblae, be woalée ɖe asi. Esi wole vɔvɔ̃m, bena, ɖewohĩ yewoava ge ɖe Sirte, afisi libla le la, woklo abala la, eye ale ya le mía kplɔm. 18 Eye esi ahom la nyama mi ŋutɔ la, wòfɔ ʋuamenuwo ƒu gbe le ŋu, si ke la dzi; 19 eye ŋkeke etɔ̃agbe la mietsɔ miaƒe asiwò fɔ ʋuamedɔwɔnuwo ƒu gbe. 20 Ke esi ɣe alo ɣletivia ɖeke medo kpɔ le ŋkeke geɖewo me o, eye menye ahom via ɖee tu le nua kpem o la, mlɔeba la nukpɔkpɔ katã na miaƒe agbenɔnɔ la bu ɖe mi keŋkeŋ. 21 Eye esi wonɔ anyi eteƒe didi naneke maɖumaɖui la, Paulo tsi tre ɖe wo titina gblɔ bena: O, mía tɔwo, ɖe mieɖo tom, eye mieho tso Kreta o la, ne fuɖeɖe kple gbegblẽ sia meva mia dzi o. 22 Ke azɔ la mele nu xlɔ̃m mi bena, miaƒe dzi nadze eme, elabena mia dome amea ɖeke ƒe agbe mele bubu ge o, negbe ʋua ko. 23 Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena: 24 Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò. 25 Eyaŋuti, mía; tɔwo, miaƒe dzi nèdze me, elabena mexɔ Mawu dzi se bena, ava me nenema, abe alesi wògblɔ; nam ene. 26 Gake la ele na mi be, miadze go ɖe ƒukpoa ɖe dzi. 27 Ke esi zã wuienelia ɖo, esi ya le mía nyamam le Adria-ƒu me, anɔ zãtitina la, kahelawo bu xa bena, yewote ɖe anyigbaa ɖe ŋu, 28 eye woda dzidzeka, eye wokpɔ abɔ blave, eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, wogadae, eye wokpɔ abɔ wuiatɔ̃. 29 Eye esi wova bena, míava dze go ɖe kpe gbadzawo dzi la, woda seke ene to ʋua gɔme hele didim be, ŋu nake. 30 Eye esi kahelawo le didim bena, yewoasi tso ʋua me, eye woɖiɖi batala ɖe ƒua me, eye woɖa alakpa, abe ɖe wole sekewo da ge ato ʋua ta hã ene la, 31 Paulo gblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o. 32 Tete asrafoawo tso batala ŋu tagbiawo, eye wona wòdze tɔa me. 33 Eye Paulo le dzi dem ƒo na; wo katã vaseɖe ŋu ƒe keke me bena, woatsɔ nu aɖu hegblɔ bena: Egbee nye ŋkeke wuieneagbe miele lalam, eye miele nutsitsidɔ dzi, eye miede naneke nu me kpɔ o. 34 Eyata meɖe kuku na mi bena, miatsɔ nu aɖu, elabena esia nyo na miaƒe xɔxɔ: elabena mia dometɔa ɖeke ƒe taɖa ɖeka mabu atso eta o. 35 Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me. 36 Tete wo katã ƒe dzi dze eme, eye woa ŋutɔwo hã tsɔ nu ɖu. 37 Eye mi amesiwo katã le ʋua me la, míanɔ luʋɔ alafa eve kple blaadre vɔ ade. 38 Eye esi woɖu nu ɖi ƒo la, wotsɔ nuɖuɖuawo ƒu gbe ɖe ƒu me, bena ʋua nazu wodzoe. 39 Eye esi ŋu ke la, womedze si anyigba la o, ke wokpɔ adɔ̃a ɖe, si ŋu ƒuta le, eye wode adaŋu bena, ne yewoate ŋui la, ne yewoawɔ ʋu la ayi afima. 40 Eye wotso sekeawo hegblẽ ɖe ƒua me, eye wolũ kuɖɔkawo hã zi ɖeka, eye esi wodo abala la hekpe yae la, woɖo ta ƒuta. 41 Eye esi wodze ɖe teƒe lebiia ɖe, si yi ɖe ƒu me la, wona ʋu la si ké, eye ʋua ta xa hetsi maʋãmaʋã, eye egɔme gbã le ƒutsotsoe sesẽawo nu. 42 Ke asrafoawo ɖe adaŋu be, woawu gatɔwo, bena amea ɖeke nagaƒu tsi asi o. 43 Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota, 44 eye ame mamleawo lã ɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye ɖewo nanɔ ʋua ƒe kakɛa ɖewo dzi. Eye ale wòva me bena, wo katã wòde gota dedie. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana