Dɔwɔwɔwo 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo ɖe eɖokui nu le Festo kple Agripa ŋku me, eye wo kpakple eve la dze si Paulo ƒe fɔmaɖimaɖi. 1 Eye Agripa gblɔ na Paulo bena: Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu le ɖokuiwò ŋuti. Tete Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu bena: 2 Mebui dzidzɔ, fia Agripa, bena maɖe ɖokuinye nu egbe sia le ŋkuwò me le nusiwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, 3 vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome; eyata meɖe kuku na wò be, naɖo tom le dzigbɔɖeanyi me. 4 Nye agbe nɔnɔ tso ɖekakpui me, alesi menɔ anyi tso gɔmedzedzea me le nye dukɔ la dome le Yerusalem la, Yudatɔwo katã nyae; 5 wonyam tsã, ne wolɔ̃ be, yewoaɖi ɖase, alesi menɔ agbe le miaƒe subɔsubɔ ƒe kɔmamã, si nu sẽ wu wo katã la nu abe farisitɔ ene. 6 Eye azɔ la mele tsitre be, woadrɔ̃ ʋɔnum le mɔkpɔkpɔ na ŋugbedodo, si Mawu ɖo na mía fofowo la ŋuti; 7 esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi. 8 Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu bena, enye nusi womate ŋu axɔ ase oa? 9 Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti. 10 Nusi mewo hã le Yerusalem; eye mede ame kɔkɔewo dometɔ geɖewo gaxɔ me le ŋusẽ, si mexɔ tso nunɔlagãwo gbɔ la nu; eye ne wole wo wu ge la, melɔ̃na de edzi. 11 Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me. 12 Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. 13 Ɣeɖota, esime mele mɔ dzi la, fia, mekpɔ kekeli, si wu ɣe ƒe keklẽ la, tso dziƒo heklẽ ƒo xlã mia kple amesiwo le mɔ zɔm kpakplim la. 14 Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“ 15 Eye nye la megblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: „Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle. 16 Gake la fɔ, eye natsi tre ɖe wò afɔwo dzi, elabena esia ta meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, bena maɖo wò nanye dɔla kple ɖaseɖila le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo magaɖe afia wò la ŋuti; 17 eye maɖe wò atso dukɔ la kple trɔ̃subɔla, siwo gbɔ mele dɔwòm ɖo la, si me, 18 be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome. 19 Eyata, fia Agripa, nyemesẽ to ɖe dziƒoɖeɖefia la ŋuti o; 20 ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ. 21 Le esia ŋuti Yudatɔwo lém le mawuxɔ la me, eye wode wu ye ge kloe. 22 Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe, 23 bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa. 24 Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno! 25 Ke Paulo gblɔ bena: Nyemele tsu kum o, amegã nyui Festo; hafi boŋ nyateƒe kple tamebubunyawo gblɔm mele. 26 Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o. 27 Fia Agripa, èxɔa, nyagblɔɖilawo dzi sena? Menyae bena, èxɔnɛ sena. 28 Tete Agripa gblɔ na Paulo bena: Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ. 29 Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko. 30 Tete fia la kple mɔ̃mefia la kple Bernike kpakple amesiwo bɔbɔ nɔ anyi kpli wo la, tsi tre, 31 eye esi, wote yi megbe la, wogblɔ na wo nɔewo bena, amesia mewɔ naneke, si dze ku alo bablawo o. 32 Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Ɖe amesia metsɔ eƒe nya de kaisaro si me o la, ne woate ŋu aɖe asi le eŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana