Dɔwɔwɔwo 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo tsɔ eƒe nya de asi na kaisaro. 1 Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe. 2 Tete nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo va do ɖe eƒe ŋku me ɖe Paulo ŋuti, eye woɖe kuku nɛ 3 hebia amenuveve tso egbɔ bena, wòana woakplɔe ava Yerusalem, elabena wole xa me be, yewoawui le mɔ dzi. 4 Ke Festo ɖo ŋu bena, woadzra Paulo ɖo ɖe Kaisarea, eye bena eya ŋutɔ gale afima yi ge kpuie. 5 Eye wògblɔ bena: Eyata mia dome amesiwo ate ŋui la, nayi kplim, eye ne vodadaa ɖe le ŋutsu la ŋu la, ne woatso enu. 6 Eye esi wònɔ wo dome mewu ŋkeke enyi alo ewo o la, edzo yi Kaisarea, eye esi ŋu ke la, ebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye wòde se bena, woakplɔ Paulo vɛ. 7 Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o, 8 elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o. 9 Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã? 10 Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene. 11 Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee! 12 Tete esi Festo kple adaŋudelawo ɖe adaŋu la, eɖo ŋu bena: Kaisaro si me nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi. Wokplɔ Paulo va Yudatɔwo ƒe fia Agripa ŋku me. 13 Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo. 14 Eye esi wonɔ afima ŋkekea ɖewo la, Festo tsɔ Paulo ƒe nyawo katã ɖo fia la ŋku me gblɔ bena: Ŋutsua ɖe le afisia, si Felike gblẽ ɖe ga me: 15 amesia ŋuti, esime meva Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo gblɔ nya ɖo hebia afiatsotso le. 16 Meɖo ŋu na amesiawo bena, menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ amea ɖe aɖe asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o. 17 Eyata esi wova afisia la, nyemelala kura o; ke esi ŋu ke la, mebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye mede se be, woakplɔ ŋutsu lã vɛ. 18 Esi nutsolawo tsi tre ɖe eŋuti la, wometsɔ nya vɔ̃, siwo mesusu le eŋu la ƒe ɖeke vɛ o; 19 ke wotso biabiaa ɖewo le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti kple Yesua ɖe, si ku, amesi Paulo ka ɖe dzi be, ele agbe la ƒe nya vɛ. 20 Eye nye la, esi nyemenya alesi madzro nya siawo mee o la, mebiae be, ne elɔ̃ bena, yeayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnui le nya siawo ŋuti. 21 Ke esi Paulo bia bena, woadzra ye ɖo na kaisaro ƒe afiatsotso la, meɖo bena, woadzrae ɖo, vaseɖe esime maɖoe ɖe kaisaro gbɔ. 22 Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Nye ŋuta hã mele didim bena, mase ame la ƒe numegbe. Egblɔ bena: Etsɔ àsee. 23 Eye esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike wova kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me; eye le Festo ƒe sedede nu la wokplɔ Paulo vɛ. 24 Eye Festo gblɔ bena: Fia Agripa kple mi ŋutsu, siwo katã li kpli mi fi fia, mikpɔ amesia, si ŋuti Yudatɔwo ƒe ha blibo la katã, siwo le Yerusalem kple afisia la, va do ɖe dzinye hele ɣli dom bena, medze be, wòaganɔ agbe didia ɖeke o la ɖa. 25 Ke esi nye la medze sii bena, mewo naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa. 26 Eye nya vavãa ɖeke mele asinye le eŋuti be, maŋlɔ na aƒetɔ la o. Eyaŋuti mekplɔe va mia ŋku me, vevietɔ wò fia Agripa ŋku me, bena ne miese eƒe numegbe vɔ la, ne makpɔ nane aŋlɔ. 27 Elabena mebu bena, enye nu manyatanu be, woaɖo gatɔ ɖa eye womafia eŋuti nutsotso o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana