Dɔwɔwɔwo 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo le tsitre ɖe mɔ̃mefia Felike ƒe ŋku me. 1 Eye ŋkeke atɔ̃ megbe la nunɔlagã Anania kple amegãa ɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va afima, eye woawo ƒo nu na mɔ̃mefia la ɖe Paulo ŋuti. 2 Eye esi woyɔe ve la, Tertulo de asi enutsotso me bena: 3 Esi miekpɔ bena, to dziwò miekpɔ tomefafa geɖe kple nuwo ɖɔɖɔɖo to wò beléle na dukɔ sia me la, miaƒe ŋkuwo le nusiawo katã dzi le afisiafi kple akpeawo katã ɖada na wò, Felike nyui. 4 Gake bena nyemagasika wò ɖi akpa o la, meɖe kuku na wò, naɖo to mí ʋee le wò dɔmefafa la nu. 5 Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã, 6 amesi te kɔgbegblẽɖo na gbedoxɔ la hã kpɔ; amesi mielé, eye miedi bena, madrɔ̃ ʋɔnui le míaƒe se la nu hafi; 7 ke aʋafia gã Lisia va, eye wòxɔe le mía si kple sesẽ heyii. 8 Eye wòde se na enutsolawo bena, woava gbɔwò. Azɔ, ne èdrɔ̃ ʋɔnui la, wò ŋutɔ ate ŋu ase nu siwo ŋuti míele enu tsom ɖo la tso eya ŋutɔ gbɔ. 9 Eye Yudatɔwo hã de edzi, eye woka ɖe edzi bena, nusiawo le eme nenema. 10 Eye esi mɔ̃mefia la mia asii bena, wòaƒo nu la, Paulo ɖo ŋu bena: Esi menyae bena, ƒe geɖee nye esi nènye ʋɔnudrɔ̃la na dukɔ sia la, dzi le ƒonye be, ma ɖe ɖokuinye nu; 11 elabena wò hã ate ŋu àse bena, mewu ŋkeke wuieve o, esime meyi ɖe Yerusalem subɔsubɔ ge; 12 eye womekpɔm hã mele dze ɖom kple amea ɖe le gbedoxɔ me alo mede zi ameawo me le ƒuƒoƒeawo alo dua me hã kpɔ o. 13 Eye womate ŋu afia kpɔɖeŋu hã le nusi wotsɔ le nunye tsom la ŋu o. 14 Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se, 15 eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. 16 Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me. 17 Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ. 18 Le eya me wokpɔm le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm, menye kple ameha alo kple hoowɔwɔa ɖeke o; woawo nye Yudatɔa ɖewo tso Asia, 19 amesiwo wòdze be, woava ŋkuwò me hafi, bena ne nyaa ɖe le wo si ɖe ŋutinye la, ne woatso nunye. 20 Alo na amesiawo ŋutɔ nagblɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, si ke wokpɔ le ŋunye, esime mele tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me; 21 negbe nya ɖeka sia koe meɖo ɣli gblɔ, esime mele tsitre le wo dome bena; ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti miele ʋɔnu drɔ̃mem egbe sia ɖoa? 22 Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase. 23 Eye wòde se na aʋafia la bena, Paulo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòana woagbɔ ɖe eme, eye megaxe mɔ na etɔwo dometɔa ɖeke be, megasubɔe o. 24 Ke ŋkekea ɖewo megbe la Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ la, wova, eye wodɔ woyi ɖayɔ Paulo vɛ, eye wose Kristo Yesu dzixɔse nya tso egbɔ. 25 Ke esi wòle dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la, ŋutinya gblɔm la, dzidzi ƒo Felike, eye wòɖo ŋu bena: Azɔ la heyi egbɔ: ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ. 26 Eye wòle mɔ hã kpɔm bena, Paulo ana ga ye: eyaŋuti wòdɔna woɖayɔnɛ vɛ edziedzi, eye woɖoa dze kplii. 27 Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana