Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me. Nyaʋiʋli ɖo farisitɔwo kple zadukitɔwo dome te Paulo ta.

1 Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.

2 Ke nunɔlagã Anania de se na amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la bena, woaƒo nugbɔ nɛ.

3 Tete Paulo gblɔ nɛ bena: Mawu aƒo wò, wo gli, si wòsi akalo na: eye wò la èbɔbɔ nɔ anyi hele ʋɔnu drɔ̃mem le se la nu, eve nèda se la dzi heblu bena, woaƒoma?

4 Ke amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la, gblɔ bena: Ã, Mawu ƒe nunɔlagã la dzum nèlea?

5 Eye Paulo gblɔ bena: Nɔvinyewo, nyemenyae bena, nunɔlagãe o; elabena woŋlɔ bena: „Megagblɔ nya vɔ̃ ɖe wò dukɔ la ƒe amegã ŋuti o.“

6 Ke esi Paulo nyae bena, akpa ɖeka nye zadukitɔwo, eye akpa bubu nye farisitɔwo la, edo ɣli le ʋɔnudrɔ̃ƒe la gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, nukpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.

7 Eye esi wògblɔ esia la, nyaʋiʋli ɖo farisitɔwo kple zadukitɔwo dome, eye ameha la dome ma.

8 Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.

9 Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?

10 Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.

11 Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.

12 Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.

13 Eye amesiwo bla nu ka atam sia la, wowu ame blane.

14 Woawoe va nunɔlagãwo kple amegãwo gbɔ gblɔ bena: Mieƒo fi de mía ɖokui ŋutɔ bena, miele naneke ɖo ge akpɔ, vaseɖe esime míawu Paulo o.

15 Eyaŋuti azɔ la miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo mina aʋafia gã la nanyae, bena wòakplɔe aɖi va mia gbɔ, abe ɖe miele eƒe nya la gɔme bia ge ase tsitotsito awu tsãtɔ ene, eye miawo la miesu te bena, hafi wòate va la, miawui.

16 Ke esi Paulo ƒe srɔ̃nyi se xadedea la, eta edzi heyi mɔ̃ la me, eye wòka eta na Paulo.

17 Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.

18 Amesia kplɔe yi ɖe aʋafia gã la gbɔ, eye wògblɔ bena: Gatɔ Paulo yɔm va egbɔ, eye wòɖe kuku nam bena, makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò; elabena nyaa ɖe le esi be, wòagblɔ na wò.

19 Aʋafia gã la lé eƒe alɔnu, eye wòkplɔe ɖe kpoe hebiae bena: Nya ka le asiwò be, naka eta nama?

20 Eye wògblɔ bena: Yudatɔwo wɔ ɖeka le bia wò ge bena, etso la nakplɔ Paulo aɖi va ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me, abe ɖe wole nane bia ge le eŋuti tsitotsito awu tsãtɔ ene.

21 Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.

22 Tete aʋafia gã la do mɔ ɖekakpui la, eye wòde se nɛ bena: Megatoe na amea ɖeke be, neɖe gu nusiawo nam o.

23 Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;

24 eye woadzra lãwo hã ɖo, bena woatsɔ Paulo aɖo wo dzi, eye woakplɔe ayi na mɔ̃mefia Felike dedie.

25 Eye wòŋlɔ agbalẽ, si me nyawo nye:

26 Klaudio Lisia tsɔ esia ɖuɖɔ mɔ̃mefia nyui Felike ƒã!

27 Ŋutsu sia la Yudatɔwoe lée, eye wode ewu ge kloe, esime nua kple asrafoha la mieva ɖo wo gbã, eye míexɔe le wo si, esi mese bena, Romatɔ wònye.

28 Eye esi medi bena, manya nusi ŋuti wole enu tsom ɖo lã, mekplɔe ɖi va woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me,

29 amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.

30 Ke esi wova fi tofi nam bena, Yudatɔwo le xa de ge ɖe ŋutsua ŋuti la, meɖoe ɖe gbɔwò le gaƒoƒo ma ke dzi, eye mede se na enutsolawo hã bena, woava gblɔ nusiwo wokpɔ le eŋuti la le gbɔwò. Nɔ anyi sesĩe!

31 Tete asrafoawo kplɔ Paulo yi Amipatre le zã me, sigbe alesi wòde se na wo la ene.

32 Eye esi ŋu ke la, wona sɔtɔwo yi kpakple eye afɔtɔwo gbugbɔ va mɔ̃ la me,

33 eye esi woawo va Kaisarea la, wotsɔ agbalẽ la na mɔ̃mefia la, eye wotsɔ Paulo hã de esi;

34 eye esi woxlẽe la, ebia bena, dziɖuƒe ka me wòtsoa? Eye esi wose bena, etso Kilikia la, egblɔ bena:

35 Mabia wò numegbe ase nyuie, ne nuwòtsolawo hã va. Eye wòde se be, woakpe edzi le Herodes ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe la me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan