Dɔwɔwɔwo 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo xlẽ eƒe dzimetɔtrɔ-nutinya fia Yudatɔwo. 1 Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi. 2 Eye esi wose bena, ele nu ƒom na wo le Hebri-gbe me la, wogazi ɖoɖoe klene wu tsãtɔ; 3 eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene; 4 eye meti mɔ sia yome vaseɖe ku me ke, henɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa biam, eye metsɔa wo dea gaxɔ me, 5 abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo. 6 Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. 7 Eye medze anyi, eye mese gbea de le gbɔgblɔm nam bena: Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tim ale? 8 Eye meɖo ŋu bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nam bena: Nye enye Yesu, Nazaretetɔ, amesi yome tim nèle. 9 Eye amesiwo le ŋutinye hã kpɔ kekeli la, eye ŋɔdzi lé wo ŋutɔ; gake womese amesi le nu ƒom nam la ƒe gbe o. 10 Eye megblɔ bena: Nuka mawɔ, Aƒetɔ? Ke Aƒetɔ la gblɔ nam bena: Tsi tre, ne nayi Damasko: eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò. 11 Eye esi nyemegate ŋu le nu kpɔm le kekeli ma ƒe kɔkɔenyenye ŋuti o la, amesiwo le ŋutinye la lé nye alɔnu hekplɔm va Damasko, 12 Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la, 13 va gbɔnye, eye wòle tsitre gblɔ nam bena: Nɔvi Saul, kpo nu! Eye le gaƒoƒo ma ke dzi la mekpɔ eyama. 14 Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe; 15 bena nanye eƒe ɖaseɖila hena amewo katã le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo nèse la ŋuti. 16 Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi. 17 Eye wòva me bena, esime megbugbɔ va Yerusalem, eye mele gbe dom ɖa le mawuxɔ me la, mekpɔ ŋutega, 18 eye mekpɔe wòle gbɔgblɔm nam bena: Netsɔ, nado go tso Yerusalem kaba; elabena womaxɔ wò ɖaseɖiɖi, si naɖi le ŋutinye la o. 19 Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe, 20 eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo. 21 Eye wògblɔ nam bena; Heyi, elabena mele da wò ge aɖo ɖe trɔ̃subɔlawo dome ʋĩ. 22 Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o. 23 Eye esi wodo ɣli, eye woɖe woƒe avawo ɖi, eye wolɔ kewɔ hlẽ ɖe ya me la, 24 aʋafia gã la de se be, woakplɔe ayi ɖe mɔ̃ la me, eye wòɖo bena, woaɖe atam ɖe edzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti tututu wole ɣli dom ɖe eta ɖo. 25 Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua? 26 Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ. 27 Tete aʋafia gã la va gblɔ nɛ bena: Gblɔe nam, wò la Romatɔ nenyea? Eye wògblɔ be: Ẽ. 28 Aʋafia gã la ɖo ŋu bena: Nye la metsɔ ga geɖe ƒle dumetɔnyenye sia. Eye Paulo gblɔ bena: Gake nye la ɖe wodzim ɖe eme. 29 Tete amesiwo be, yewoaƒoe abia eƒe numenya ase la, dzo le egbɔ enumake, eye aʋafia gã la hã, esi wose bena, Romatɔ wònye la, evɔ̃; elabena ena wobiae. 30 Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana