Dɔwɔwɔwo 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo gatrɔ yi Makedonia kple Hela, eye wògatrɔ va Asia-sue. 1 Eye esi wodzudzɔ hoowɔwɔ megbe la, Paulo ya nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye esi wòdo gbe na wo la, eklã wo hedzo yina Makedonia. 2 Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi. 3 Eye wònɔ afima ɣleti etɔ̃; ke esi wòdi be, yeado ʋu ayi Siria, eye Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu la, eɖo tame be, yeagbugbɔ aɖato Makedonia. 4 Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia. 5 Amesiawo dze ŋgɔ, eye wole mia lalam le Troa. 6 Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre. Paulo nyɔ Eutixo tso ku me. 7 Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ. 8 Eye akaɖi geɖewo le bibim le dziƒoxɔ, si me mieƒo ƒu ɖo la me. 9 Eye ɖekakpuia ɖe, eŋkɔe nye Eutixo, bɔbɔ nɔ fesre nu: eye wòɖo alɔ yi me ʋĩ le Paulo ƒe nyagbɔgblɔ didi la ŋuti; esi alɔ̃ mui la, ege tso dzisasra etɔ̃lia dzi va dze anyi, eye woyi ɖakɔe wòku. 10 Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme. 11 Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo. 12 Ke wokplɔ ɖevi la vɛ agbagbe, eye menye akɔfafa ʋeea ɖe wokpɔ o. 13 Eye miawo la miedze ŋgɔ yi ʋua me heho yi Aso; afima miele Paulo xɔ ge ɖe ʋua me le elabena nenema wòɖoe, le esi eya ŋutɔ le afɔ to ge ta. 14 Eye esi wokpe mí le Aso la, miexɔe ɖe ʋua me va Mitilene. 15 Eye mieno tso afima, eye esi ŋu ke la mieva Xio kasa, eye ŋkeke, si dze eyome la, miete de Samo ŋu, eye míetsi Tragilio dɔ; esi ŋu gake la, mieta Mileto. 16 Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi. Paulo klã Efeso-hame la. 17 Ese le Mileto la edɔ ɖo, ɖe Efeso, woɖayɔ hamemegãwo vɛ. 18 Eye esi wova egbɔ la, egblɔ na wo bena: Mienyae tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi meɖo afɔ Asia, alesi menɔ mia gbɔ le ɣeyiɣiawo katã me 19 hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me; 20 alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me, 21 hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa. 22 Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o; 23 negbe bena Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam le du sia du me gblɔ bena, bablawo kple momenuvevewo le lalayem. 24 Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti. 25 Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o. 26 Eyaŋuti mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. 27 Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o. 28 Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la. 29 Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; 30 eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome. 31 Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o. 32 Eye azɔ la nɔviwo, metsɔ mi de Mawu si me kple eƒe amenuvevenya la me, amesi ate ŋu atu mi, eye wòana domenyinyi mi ɖe amesiwo katã ŋuti wokɔ la dome. 33 Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o. 34 Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo. 35 Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“ 36 Eye esi wògblɔ esiawo la, edze klo, eye eya kpli wo katã wodo gbe ɖa. 37 Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne 38 hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana