Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo va Efeso.

1 Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;

2 eye wogblɔ na wo bena: Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la mahã? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Míese hã kpɔ bena, Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe li o.

3 Eye wògblɔ bena: Nuka dzi wode mawutsi ta na mi ɖo? Eye wogblɔ bena: Ɖe Yohanes ƒe mawutsidedetaname la dzi.

4 Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.

5 Ke esi wose esia la, wode mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi.

6 Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.

7 Eye wo katã woano ŋutsu wuieve.

8 Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.

9 Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me.

10 Eye wòle esiawɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale bena amesiwo katã le Asia la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, se Aƒetɔ ƒe nya la.

11 Eye Mawu wo ŋusẽdɔ, siwo mele sue o la, to Paulo ƒe asi dzi,

12 ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.

13 Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi.

14 Ke amesiwo li le nusiawo wɔm la, wonye Yudatɔ, nunɔlagã Skeva fe ŋutsuvi adreawo.

15 Gake gbɔgbɔ vɔ̃ la ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Yesu la medze sii, eye Paulo hã menyae; ke miawo ɖe, amekawo mienyea?

16 Eye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, dzo kpo dze wo dzi, eye woɖu wo ame eve la dzi, eye wòwɔ fu wo, eye wòde abi wo ŋu, ale bena wosi tso aƒe ma me amama.

17 Eye Yudatɔ kple Helatɔ, siwo katã le Efeso la, se ale nya sia, eye vɔvɔ̃ dze wo katã dzi, eye wodo Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.

18 Eye amesiwo xɔe se la dometɔ geɖewo hã va, eye woʋu me hele woƒe nuwɔwɔwo fiam.

19 Eye ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye woto dzo wo le wo katã ƒe ŋku me; eye wobu woƒe home, eye wokpɔ klosalo akpe blaatɔ̃.

20 Ale Aƒetɔ ƒe nya la tsi kple nusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu enye si.

21 Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.

22 Eye esi wòdo eƒe kpeɖeŋutɔwo dome ame eve, Timoteo kple Erasto, ɖo ɖe Makedonia la, eya ŋutɔ tsi Asia ʋee.


Klosalonutula Demetrio ƒe zitɔtɔ.

23 Ke le ɣemaɣi me la menye zitɔtɔ via ɖee dzo le mo sia ŋuti o.

24 Elabena amea ɖe, eŋkɔe nye Demetrio, klosalonutula, amesi tsoa klosalo tua gbedoxɔwo na Diana la, nana aɖaŋuwɔlawo kpɔa viɖe ŋutɔ;

25 esi wòyɔ wo kple amesiwo woa do ma ke la ƒo ƒu la, egblɔ bena: Mia towo, mienyae bena, le dɔwɔwɔ sia me miekpɔa miaƒe kesinɔnuwo tsonɛ.

26 Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.

27 Ke menye dɔ sia me ɖeɖeko gblẽ ge woala na mí be, woaɖo vloe o: ke womabu mawunɔ Diana gã la ƒe gbedoxɔ la hã nanekee o, eye eƒe gãnyenye, si Asia blibo la katã kple xexeme godoo subɔna la, hã atsrɔ̃.

28 Eye esi wose esia la, woyɔ fũ kple dɔmedzoe, eye wodo ɣli gblɔ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!

29 Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.

30 Ke esi Paulo le didim bena, yeayi ɖe ameha la me la, nusrɔ̃lawo meɖe mo nɛ o.

31 Eye Asia-amegãa ɖewo hã, amesiwo nye xɔlɔ̃awo la, dɔ ɖo ɖe egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, megayi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe la o.

32 Azɔ amea ɖewo do ɣli be ale, eye ɖewo hã be ale; elabena ameha la le ʋunyaʋunya wɔm, eye ame geɖeawo menya nusi ŋuti wova ƒo ƒu ɖo o.

33 Tete wohe Aleksandro tso ameha la me do go, elabena Yudatɔwo le asi tumi do ɖe ŋgɔgbe. Eye Aleksandro mia asi hele didim be, yeaɖe ye ɖokui nu na ameha la.

34 Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!

35 Ke esi dua me gbalẽŋlɔla na ameha la zi ɖoɖoe la, egblɔ bena: Efeso-ŋutsuwo, ameka gɔ̃e ti, si menya bena, Efeso du la enye Diana gã la kple legba, si ge tso dziƒo la ƒe subɔla oa?

36 Azɔ esi womate ŋu agblɔ nyaa ɖeke ɖe nusia ŋu o la, edze be, miasi ɖoɖoe kpoo, eye miagawɔ naneke tame mabumabutɔe o.

37 Elabena miekplɔ ŋutsu siawo va afii, amesiwo menye gbedoxɔ me dzodalawo alo busunyagblɔlawo ɖe miaƒe mawunɔ ŋu o.

38 Azɔ, ne nyaa ɖe le Demetrio kple eƒe aɖaŋuwɔlawo si ɖe amea ɖe ŋu la, ʋɔnudrɔ̃gbewo li, eye du me dziɖulawo hã li; mina, ne woatso wo nɔewo nu.

39 Ke ne nyaa ɖe le mia si le nu bubua ɖe ŋuti la, ekema woadrɔ̃e le ƒuƒoƒo, si le sea nu la me.

40 Elabena miaɖo xaxa me, ne woatsɔ egbe nya atso mía nu le zitɔtɔ ŋuti, elabena nyaa ɖeke mele mia si, si ŋu míate ŋu ana akɔnta le le ziƒoƒo sia ŋuti o.

41 Eye esi wògblɔ esia vɔ la, ena ameha la ka.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan