Dɔwɔwɔwo 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto. 1 Nusiawo megbe la Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto. 2 Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ, 3 eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye. 4 Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se. 5 Eye esi Sila kple Timoteo wotso Makedonia va la, Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye. Kristo. 6 Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ. 7 Eye esi wòdzo le afima la, eyi ɖe ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Tito Yusto la ƒe me; amesi vɔ̃a Mawu, eye eƒe xɔ te ɖe ƒuƒoƒea ŋu kekeake. 8 Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo. 9 Ke Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me bena: Megavɔ̃ o, hafi boŋ ƒo nu, eye megazi ɖoɖoe o; 10 elabena nye la meli kpli wò, eye amea ɖeke maɖo ɖe dziwò be, yeawɔ vɔ̃a ɖeke wò o; elabena ame geɖe le asinye le du sia me. 11 Eye wònɔ afima ƒe ɖeka kple ɣleti aɖe hele mawunya fiam le wo dome. 12 Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ 13 hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o. 14 Ke esi Paulo be, yeake nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo bena: Ɖe wònye nu madzɔmadzɔ alo nu tovo wɔwɔ vɔ̃ɖia ɖe la, oo Yudatɔwo, ne edze be, maɖo to mi: 15 ke nenye anukutsyɔtsyɔ le nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sea ŋuti ta la, mia ŋutɔwo mikpɔ egbɔ; elabena nyemelɔ̃ be, manye nusiawo tɔgbe ƒe ʋɔnudrɔ̃la o. 16 Eye wonyã wo tso ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 17 Tete wo katã wòlé Sostene, ƒuƒoƒe la ƒe amegã, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Eye Galio metsɔ ɖeke le nusiawo me o. Paulo tra tso Korinto heto Efeso va Yerusalem kple Antioxia. 18 Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe. 19 Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo. 20 Eye esi woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ wòadidí ʋee la, melɔ̃ o; 21 ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso. 22 Eye esi wòva ɖi go ɖe Kaisarea la, eyi Yerusalem ɖado gbe na hame la, eye wòto edzi heyi ɖe Antioxia. Paulo dze eƒe mawunyagbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia gɔme. Apolo va Efeso. 23 Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã. 24 Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso. 25 Wofia Aƒetɔ la ƒe ma amesia, eye wònye dzome le gbɔgbɔ la me; eƒoa nu, eye wòtia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ; ke Yohanes ƒe mawutsidedetaname ko wonyã; 26 eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ. 27 Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me; 28 elabena etso ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana