Dɔwɔwɔwo 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo fia nu le Tesalonika, Beroia kple Atene. 1 Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le: 2 eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me; 3 eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam. 4 Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o. 5 Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me. 6 Eye esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviaa ɖewo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ hele ɣli dom bena: Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã, 7 woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu. 8 Eye wonyama ameha la kple dua me dziɖulawo, esi wose nya siawo. 9 Ke esi wòxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple ame bubuawo si la, woɖe asi le wo ŋu. Paulo fia nu le Beroia. 10 Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me. 11 Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã. 12 Eyaŋuti wo dome ame geɖewo xɔe se, eye Hela-nyɔnu ŋkulatɔwo kple ŋutsuwo hã, menye ame ʋeea ɖe o. 13 Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum. 14 Tete nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake, eye Sila kple Timoteo tsi afima. 15 Ke amesiwo ɖo Paulo ɖa la, wokplɔe vaseɖe Atene; eye esi woxɔ se na Sila kple Timoteo bena, woava egbɔ kaba la, wotrɔ. Paulo fia nu le Atene. 16 Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo. 17 Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe. 18 Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo. 19 Eye wòlée hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒe, si woyɔna be Areopago la hegblɔ bena: Ɖe míate ŋu anya nusi nufiafia yeye sia, si ŋuti nèle nu ƒom na mi le la nye mahã? 20 Elabena èna miaƒe towo se nya yeye, siwo womese kpo o, azɔ miele didim be, mianya nusi gɔ̃ nusiawo nye. 21 Ke Atenetɔwo katã kple amedzro, siwo le afima la, womekpɔa vovo na nu bubua ɖeke wɔwɔ o, negbe na nya yeye gbɔgblɔ alo esese ko. 22 Eye esi Paulo le tsitre ɖe Areopago la titina la, egblɔ bena: Mi Ateneŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋuta. 23 Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm. 24 Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o; 25 eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, 26 eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; 27 bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: 28 elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“ 29 Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o. 30 Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; 31 elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti. 32 Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi. 33 Ale wo, eye Paulo dzo le wo dome. 34 Gake ŋutsua ɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dionisio, Areopago to la, kple nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana