Dɔwɔwɔwo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo xɔ Timoteo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòɖe gbe ƒã nyanyuie la le Europa. 1 Eye wòde Derbe kple Listra; eye kpɔ ɖa, nusrɔ̃laa ɖe le afima, eŋkɔe nye Timoteo, Yuda-nyɔnua ɖe, si xɔ se la ƒe vi; ke fofoa nye Helatɔ. 2 Amesi ŋuti nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase nyuie le. 3 Amesia dim Paulo le bena, woakpe ɖe ye ŋuti, eye wòtso aʋa nɛ le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, fofoa nye Helatɔ. 4 Eye esi wole duawo me tom la, wogblɔ nyaɖoɖo, siwo apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem, bla la na wo, bena woalé wo me ɖe asi. 5 Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe. 6 Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o; 7 eye esi wova Misia-nutowo me la, wote Bitinia-yiyi kpɔ; gake Yesu ƒe Gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o; 8 eye woto Misia ŋu yi Troa. 9 Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí! 10 Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo. 11 Azɔ mieɖo ʋu tso Troa tẽ heva keke Samotrake ke, eye ŋu ke mieva Neapoli; 12 eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo. Nusiwo va dzɔ le Filipi: Lidia kple gaxɔdzikplɔla wotrɔ dzime. 13 Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi. 14 Eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu la, ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu. 15 Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi. 16 Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la. 17 Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí. 18 Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi. 19 Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me; 20 eye esi wokplɔ wo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ la, wogblɔ bena: Amesiawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole míaƒe du la nyamam; 21 eye wole kɔ, siwo medze mi be, miaxɔ alo mianyi o la, gblɔm fia mi, elabena Romatɔwo míenye. 22 Eye ameha la tsi tre ɖe wo ŋu, eye dua me dziɖulawo dze woƒe awuwo le wo ŋu, eye wode se bena, woaƒo wo kple ati. 23 Esi woƒo wo kakaka la, wode wo gaxo me, eye wode se na gaxɔdzikpɔla be, woadzra wo ɖo dedie. 24 Eya la, esi wòxɔ se sia la, etso wo ɖe gaxɔ titinatɔ me, ke, eye wòbɔ pã woƒe afɔwo. 25 Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. 26 Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu. 27 Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui. 28 Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi! 29 Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu 30 Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã? 31 Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe. 32 Eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ kple amesiwo katã le eƒe me. 33 Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake. 34 Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se. 35 Ke esi ŋu ke la, dua me dziɖulawo dɔ atikplɔwo ɖa gblɔ bena: Miɖe asi le ame mawo ŋu. 36 Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me! 37 Ke Paulo gblɔ na wo bena: Esi woƒo mí ʋɔnu madrɔ̃madrɔ̃e le ablɔ me, mi amesiwo nye Romatɔwo, eye wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mi ado goe le adzamea? Gbeɖe! Negbe woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mi ado goe. 38 Eye atikplɔtɔwo to nya siawo na dua me dziɖulawo; ke esi wose bena, Romatɔwo wonye la, wovã, 39 eye wova la dzi na wo. Eye esi wokplɔ wo do goe la, woɖe kuku bena, woadzo le dua me. 40 Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana