Dɔwɔwɔwo 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Paulo ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ yi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ. 1 Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul. 2 Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo. 3 Tete wotsi nu dɔ, eye wodo gbe ɖa, eye wotsɔ woƒe asiwò da de wo dzi, eye wodo mɔ wo. Paulo gblɔ mawunya le Kipro. 4 Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro. 5 Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene. 6 Ke esi woto ƒukpo blibo la me vaseɖe Pafo la, wokpɔ Yudatɔa ɖe, si nye afakala kple aʋatsonyagblɔɖila, amesi ŋkɔ nye Baryesu, 7 si le dua me dziɖula, Sergio Paulo, ŋutsu nyanua ɖe gbɔ. Amesia yɔ Barnaba kple Saul vɛ, eye wòɖi bena, yease mawunya la. 8 Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me. 9 Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã 10 gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa? 11 Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim. 12 Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti. Paulo gblɔ nyanyuie la le Antioxia, si le Pisidia. 13 Eye esi Paulo kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, ɖo ʋu tso Pafo la, wova Perge le Pamfilia. Eye Yohanes dzo le wo gbɔ gatrɔ yi Yerusalem. 14 Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi. 15 Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe. 16 Tete Paulo tsi tre, eye wòɖo asi wo dzi gblɔ bena: Israel-ŋutsuwo kple mi amesiwo vɔ̃a Mawu la, miɖo to! 17 Israel-dukɔ sia ƒe Mawu la ba mia fofowo, eye wòdo dukɔ sia ɖe dzi, esi wònye amedzro le Egipte-nyigba dzi, eye wotsɔ abɔ sesẽ kplɔ wo tso afima. 18 Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi. 19 Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi. 20 Eye esia megbe wotsɔ ʋɔnudrɔ̃lawo na wo anɔ ƒe alafa ene kple ƒe blaatɔ̃ sɔŋ, vaseɖe nyagblɔɖila Samuel dzi. 21 Tso ekema dzi la wòbia fia, eye Mawu tso Saul, Kis ƒe vi, ŋutsua ɖe, si tso Benyamin-ƒomea me la, na wo ƒe blane. 22 Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“ 23 Tso nenem me sia ƒe dzidzime me Mawu tsɔ xɔla Yesu na Israel le ŋugbedodo la nu: 24 le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ. 25 Ke esi Yohanes wu eƒe mɔzɔzɔ nu la, egblɔ bena: Ameka miebu xa bena, rnenyea? Menye nyee nye Kristo la o; ke kpɔ ɖa, egbɔna le megbenye, amesi ƒe atokota nu ka medzena be, matu o. 26 Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa. 27 Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me. 28 Eye esi womekpɔ kunyaa ɖeke hã o la, wòbia tso Pilato si me bena, wòawui. 29 Eye esi wowu nusiwo katã woŋlɔ ɖi le eŋuti la nu la, woɖee le ati ŋu, eye wotsɔe mlɔ yɔdo me. 30 Gake la Mawu fɔe de tsitre tso ame kukuwo dome, 31 eye wòɖe eɖokui fia amesiwo kpe ɖe eŋuti tso Galilea va Yerusalem, ŋkeke geɖewo, amesiwo zu eƒe ɖaseɖilawo azɔ na dukɔ la. 32 Eye miawo míele nyanyuie, si ŋugbe wodo na fofoawo la, gblɔm fia mi, 33 bena Mawu wu eya ke nu na mi, amesiwo nye wo viwo, le esime be wòna Yesu tsi tre, abe alesi woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene bena: „Vinye nènye, egbe sia medzi wò.“ 34 Ke esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye megale tɔtrɔ ge ayi de nyunyɔ me o la, egblɔ ale bena: „Matsɔ Dawid ƒe amenuveve, siwo li ke la, ana mi.“ 35 Eyata wogblɔ le teƒe bubu hã bena: „Wò la mana wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o.“ 36 Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ; 37 ke amesi ke Mawu do ɖe tsitre la, mekpɔ nyunyɔ o. 38 Minya esia azɔ, ŋutsuwo, nɔviwò, bena to nenem me sia dzi wogblɔ nuvɔ̃kekenya fia mi, eye nusiwo katã me womete ŋu tso afia na mi ɖe Mose ƒe se la nu le o la, to eyama me la 39 wotsoa afia na amesiame, si xɔ edzi se. 40 Azɔ la mikpɔ nyuie, bena nusi wogblɔ ɖi le nyagblɔɖilawo me la, nagava mia dzi o. 41 „Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃, elabena nye la mele ɖaa ɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne amea ɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.“ Paulo ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dzidzedze. 42 Eye esi wole go ɖom la, woɖe kuku na wo bena, woagagblɔ nya siawo na yewo le Sabat keme dzi. 43 Eye esi ƒuƒoƒemetɔwo ka la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖe dze Paulo kple Barnaba yome, amesiwo ƒo nu na wo, eye wode dzi ƒo na wo bena, woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me. 44 Eye le Sabat, si dze eyome dzi la, esusɔ ʋee, ne du blibo la katã kloe naƒo ƒu ase mawunya la. 45 Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu. 46 Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ. 47 Elabena nenema Aƒetɔ la de se na mí bena: „Meɖo wò nanye trɔ̃subɔlawo ƒe kekeli, bena nanye xɔxɔ hena anyigba ƒe seƒe ke.“ 48 Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se. 49 Eye Aƒetɔ ƒe nya la kaka ɖe anyigba blibo la katã dzi. 50 Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me. 51 Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio. 52 Eye nusrɔ̃lawo yɔ taŋ kple dzidzɔ kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana