Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yakobo ƒe ku. Mawudɔlaa ɖe ɖe Petro tso gaxɔ me. Herodes ƒ nuwuwu.

1 Le ɣemaɣi me fia Herodes ɖo asi hamevia ɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu.

2 Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.

3 Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo.

4 Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.

5 Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.

6 Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.

7 Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.

8 Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme.

9 Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ.

10 Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.

11 Eye esi Petro ƒe mo kɔ la, egblɔ bena: Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wõɖem tso Herodes si me kpakple Yudatɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔ me.

12 Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la.

13 Eye esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔlaa ɖe, si ŋkɔ nye Roda la, va do gbee.

14 Eye esi wòdze si Petro ƒe gbe la, meʋu agbo la o le dzidzɔ, si wòkpɔ la ŋuti; ke eƒu du yi ɖe eme, eye wòka ta na wo bena, Petro le tsitre ɖe agbo la nu.

15 Woawo gblɔ nɛ bena: Aɖaʋa dzem nèle. Ke ekã ɖe edzi bena, ele me nenema. Gake woawo gblɔ bena: Eƒe mawudɔlae.

16 Ke Petro gale eƒoƒo dzi, eye esi wòʋui, eye wokpɔe la, kuvia ɖo wo.

17 Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.

18 Ke esi ŋu ke la, menye dzidzi via ɖee ƒo asrafoawo le nusi wo Petro la ŋuti o.

19 Eye esi Herodes du, eye mekpɔe o; la, edrɔ̃ ʋɔnu dzɔlawo, eye wòde se bena, woakplɔ wo ayi amewuƒe. Eye wòdzo le Yudea yi Kaisarea, eye wòna afima.

20 Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi.

21 Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo.

22 Tete takpelawo do ɣli bena: Mawu ƒe gbee, eye menye ame tɔe o.

23 Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.

24 Ke mawunya la tsi, eye wokeke ta.

25 Eye Barnaba kple Saul, esi wowu subɔsubɔdɔ nu la, wogbugbɔ tso Yerusalem, eye wotsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, kpe ɖe wo ɖokui ŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan