Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Dɔwɔwɔwo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Petro de eɖokui nu le hadede kple trɔ̃subɔlawo ŋuti.

1 Eye apostolowo kple nɔvi, siwo le Yudea la se bena, trɔ̃subɔlawo hã xɔ Mawu ƒe nya la.

2 Ke esi Petro va Yerusalem la, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, sẽ nu kplii

3 gblɔ bena: Ŋutsu aʋamatsomatsotɔwo gbɔ nèyi, eye neɖu nu kpli wo.

4 Tete Petro dze gɔme heto nya la na wo ɖekaɖeka bena:

5 Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.

6 Eye esi melé ŋku ɖe edzi gã la, mebu eŋu, eye mekpɔ anyigba dzi lãfɔnewo kple lã wɔadãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxeviwo le eme.

7 Eye mese gbea ɖe hã gblɔ nam bena: Petro, tsi tre wu wo naɖu.

8 Ke megblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nu dzodzro alo nu makɔmakɔa ɖeke mede nye nu me kpɔ o.

9 Gake gbea gaɖo eŋu nam zi evelia tso dziƒo bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megabui nu dzodzro o.

10 Eye esia va me zi etɔ̃, eye wogahe wo katã yi dziƒoe.

11 Eye kpɔ ɖa, le gaƒoƒo ma ke dzi la ŋutsu etɔ̃ le tsitre de aƒe, si me mele la nu; amesiwo wodɔ de gbɔnye tso Kaisarea.

12 Eye Gbɔgbɔ la gblɔ nam bena, mayi kpli wo, eye nyemegake ɖia ɖeke o. Eye nɔvi ade siawo hã kpe ɖe ŋunye, eye mieyi ɖe ŋutsu la ƒe me;

13 eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ,

14 amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.

15 Eye esi mede asi nuƒoƒo me la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze wo dzi, abe alesi wòdze miawo hã dzi le gɔmedzedzea me ene.

16 Tete medo ŋku Aƒetɔ ƒe nya la dzi, alesi wògblɔ bena: „Yohanes de mawutsi ta na ame kple tsi, ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.“

17 Azɔ ne Mawu tso nenem nunana ma ke na wo, abe alesi wòna mi, amesiwo xa Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la ene la, nye la ameka menye be, mate ŋu axe mo na Mawua?

18 Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Kristo-hame, si le Antioxia.

19 Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.

20 Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.

21 Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.

22 Eye wo ŋutinya ɖi va hame, si le Yerusalem la, ƒe to me, eye wodo Barnaba ɖo de Antioxia.

23 Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.

24 Elabena ame nyui wònye, eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple xɔse; eye wotsɔ ameha gãa ɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.

25 Eve Barnaba dzo yi Tarso, Saul di ge, eye esi wòkpɔe la, ekplɔe va Antioxia.

26 Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Beléle na kristohame, si le Yudea le dɔŋɔli.

27 Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.

28 Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.

29 Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.

30 Nusia wowɔ hã, eye wodoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan