5 Mose 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woabɔbɔ wo ɖokui na Aƒetɔ. 1 Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la, 2 dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu? 3 Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene. 4 Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi. 5 Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi. 6 Eyata nyae bena, menye esi nènye ame dzɔdzɔe ta Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ anyigba nyui sia na wò wòanye tɔwo ɖo o, elabena dukɔ kɔlialiatɔ nènye. 7 Ɖo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèɖo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia. 8 Mieɖo dziku na Yehowa le Xoreb gbɔ, eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu be, yeatsrɔ̃ mi. 9 Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano; 10 eye Yehowa tsɔ kpe eveawo, esiwo dzi Mawu tsɔ asibide ŋlɔ nu ɖo la nam; nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi tso to la dzi le dzo me le takpegbe la, le wo dzi. 11 Le ŋkeke blane kple zã blane megbe la Yehowa tsɔ kpe eveawo, siwo nye nubabla ƒe kpeawo la nam. 12 Eye Yehowa gblɔ nam bena; Netsɔ naɖi ayi, elabena wò dukɔ, si nèkplɔ tso Egipte la, wɔ nu gbegblẽ, wote ɖa le mɔ, si meɖo na wo la dzi enumake, eye wokɔ legba na wo ɖokui. 13 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Mekpɔ dukɔ sia bena, dukɔ kɔlialiatɔ wònye. 14 Ɖe asi le ŋunye, ne matsrɔ̃ wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nazu dukɔ, si asẽ ŋu, eye wòasɔ gbɔ awu wo. 15 Tete metrɔ heɖi tso to la dzi, le esime dzo le dzi ɖem le to la nu, eye melé nubabla ƒe kpe eveawo ɖe nye asiawo kple eve. 16 Eye mekpɔ bena, miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, miekɔ nyivi na mia ɖokui, eye miete ɖa le mɔ, si Yehowa ɖo na mi la dzi enumake. 17 Tete mekɔ kpe eve, siwo le nye asiawo kple eve la dzi hexlã ɖe anyi, eye megbã wo le mia ŋku me. 18 Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa. 19 Elabena dziku kple dɔmedzoe, si Yehowa do ɖe mia ŋu, be yeatsrɔ̃ mi la, dzi ŋɔ nam; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã. 20 Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ ɖe Aron hã ŋu be, yeatsrɔ̃e; ke meɖe kuku ɖe Aron hã ta ɣemaɣi. 21 Eye mexɔ nyivi, si miewɔ nuvɔ̃ hewɔ la, ɖe dzo me, eye metui memee wòtrɔ zu ʋuʋudedi, eye melɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu, si si tso toa dzi la me. 22 Eye mìedo dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, Masa kple nudzrolawo ɖiƒe. 23 Esi Yehowa dɔ mi le Kades-Barnea gblɔ bena: miyi, ne miaxɔ anyigba, si mena mi, ne wòanye mia tɔ ta, miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, mieɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o. 24 Tso esime menya mi la, to kokoko sẽm miele ɖe Yehowa ŋu. 25 Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta. 26 Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte. 27 Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye megaɖo ŋku dukɔ sia ƒe tamesesẽ, nuvlowɔwɔ kple nuvɔ̃ dzi o; 28 ne anyigba, si dzi nè-kplɔ mí tsoe la, magagblɔ be: Esi Yehowa mekpe be, wòakplɔ wo ayi anyigba, si ŋugbe wòdo na wo la dzi o, eye esi wòlé fu wo ta wòkplɔ wo ɖo, be wòawu wo le gbedzi; 29 evɔ wònye dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ wònye, eye nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò abɔ, si nedo ɖe dzi kplɔ wo hafi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana